Dzo kpo yi emenuwo dzi

Yehowa Ðasefowo Ƒe Hame Ƒe Kpekpewo

Xlẽ nu tso míaƒe kpekpewo ŋu. Kpɔ kpekpewɔƒe siwo le miaƒe nutoa me.

Kpɔ Teƒe Si Tsɔ Ɖe Mia Gbɔ (opens new window)

Nu Kawoe Yia Edzi Le Míaƒe Kpekpewo Me?

Yehowa Ðasefowo kpena dea ta agu zi eve kwasiɖa sia kwasiɖa. (Hebritɔwo 10:24, 25) Le kpekpe siawo me la, míedzroa Biblia me nyawo me eye míesrɔ̃a ale si míatsɔ nu siwo míesrɔ̃ la ade dɔwɔna me le míaƒe agbenɔnɔ me, ame sia ame ate ŋu akpɔ gome le kpekpe siawo me.

Míaƒe wɔnawo ƒe akpa gãtɔ nyea numedzodzro kple vavalawo abe ale si ko wònɔna le sukuxɔwo me ene. Míedzea kpekpeawo gɔme kple hadzidzi kple gbedodoɖa eye míewua wo nu kple hadzidzi kpakple gbedodoɖa.

Ne menye Yehowa Ðasefo o hã àte ŋu ade kpekpe siawo. Míekpea ame sia ame be wòava faa. Womexɔa ga le anyinɔnɔ ta o. Womedzɔa ga le amewo si gbeɖe o.