Dzo kpo yi emenuwo dzi

Mawunyakpukpui Siwo Me Woɖe

Kpɔ gɔmesese si tututu le mawunyakpukpui kple nyagbe nyanyɛwo ŋu. Ne èle nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpuiawo xlẽm la, àkpɔ nu siwo nɔ edzi yim si tae woŋlɔ nya mawo. Etenuŋɔŋlɔwo kple mawunyakpukpui bubu siwo wofia asii le kpukpui mawo mea, akpe ɖe ŋuwò nàse nyawo gɔme nyuie wu.

1 Mose 1:1 Me Ðeɖe—“Le Gɔmedzedzea Me Mawu Wɔ Dziƒo Kple Anyigba”

Nyateƒenya vevi eve kawoe dze le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe gɔmedzedze?

2 Mose 20:12 Me Ðeɖe—“Bu Fofowò Kple Dawò”

Mawu do ŋugbe na Israel-viwo tsɔ kpe ɖe sea ŋu si nye susu bubu si tae wòle be woawɔ ɖe sea dzi.

Psalmo 37:4 Me Ðeɖe—“Yehowa Ƒe Nu Nenyo Ŋuwò”

Aleke psalmo sia kpena ɖe mía ŋu míedzea nunya eye míenyea ame siwo ƒe nu dzea Mawu ŋu?

Psalmo 46:10—“Minɔ Anyi Kpoo, Eye Minyae Be Nyee Nye Mawu”

Ðe mawunyakpukpui sia fia be míazi ɖoɖoe le sɔlemea?

Lododowo 16:3 Me Ðeɖe—“Tsɔ Wò Dɔwo De Asi Na Yehowa”

Susu eve kawo tae wòle be amegbetɔwo nadi Mawu ƒe mɔfiame ne wole nya me tsom?

Yesaya 41:10 Me Ðeɖe—“Mègavɔ̃ O, Elabena Meli Kpli Wò”

Yehowa gblɔ nya siawo tsɔ ka ɖe edzi na esubɔla wɔnuteƒewo be yeakpe ɖe wo ŋu.

Yeremiya 29:11 Me Ðeɖe—“Menya Tame Si Meɖo Ðe Mia Ŋu”

Ðe Mawu ɖo tame aɖe koŋ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋua?

Yeremiya 33:3 Me Ðeɖe—“Yɔm, Ekema Matɔ Na Wò”

Mawu do ŋugbe be yeaɖe “nu gã siwo gɔme womate ŋu ase o” la afia ame siwo wɔ ɖe yeƒe amekpekpea dzi. Nu kawoe “nu gã” mawo nye? Ðe nya mawo nye nyateƒe egbea hã?

Mateo 6:34 Me Ðeɖe—“Migatsi Dzimaɖi Le Etsɔ Si Gbɔna La Ƒe Nuwo Ŋuti O”

Yesu ƒe nyawo mefia be mímawɔ ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu o.

Marko 1:15 Me Ðeɖe—“Mawu Fiaɖuƒe La Ðo Vɔ”

Ðe Yesu ƒe nyawo fia be Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔmea?

Marko 11:24 Me Ðeɖe—“Nu Sia Nu, Si Ke Ta Miado Gbe Ða Le, Eye Miabia La, Mixɔe Se Bena, Asu Mia Si”

Aleke aɖaŋu si Yesu ɖo ku ɖe xɔse kple gbedodoɖa ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe dodokpɔwo nu egbea?

Luka 1:37 Me Ðeɖe—‘Elabena Naneke Mesesẽ Na Mawu O’

Naneke mate ŋu axe mɔ na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la be wòagawɔ eƒe ŋugbedodowo dzi o. Nya siawo gɔme ɖe?

Yohanes 16:33 Me Ðeɖe—“Meɖu Xexea Dzi”

Aleke Yesu ƒe nyawo de dzi ƒo na eyomedzelawo be woate ŋu awɔ nuteƒe le xaxawo me gɔ̃ hã?

Romatɔwo 10:13 Me Ðeɖe—“Ayɔ Aƒetɔ La Ƒe Ŋkɔa”

Mawu na mɔnukpɔkpɔa ame sia ame be wòakpɔ ɖeɖe eye wòakpɔ agbe mavɔ, metsɔ le eme dukɔ ka ke mee amea tso, ŋutigbalẽ ka kee le eŋu alo ɖoƒe ka kee le esi o.

1 Korintotɔwo 10:13 Me Ðeɖe—“Nuteƒewɔlae Mawu Nye”

Mɔ kawo nue Mawu ƒe nuteƒewɔwɔ ɖea vi na mí ne tetekpɔwo va mía dzi?

Efesotɔwo 3:20 Me Ðeɖe—‘Mawu Tea Ŋu Wɔa Nu Sia Nu Geɖe Wua Nu Siwo Katã Míebiana Alo Míedzea Sii’

Aleke Mawu ɖoa esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo ŋu, eye wòwɔa nu siwo wole mɔ kpɔm na la na woe?

Kolosetɔwo 3:23 Me Ðeɖe—“Nu Sia Nu, Si Ke Miewɔna La, Miwɔe Tso Dzi Me”

Aleke nɔnɔme si le Kristotɔ si ɖe dɔ ŋu ate ŋu ana woa kple Mawu dome nanɔ?

Hebritɔwo 4:12 Me Ðeɖe—“Mawu Ƒe Nya La Le Agbe, Eye Wòsẽa Ŋu”

Ðe nàɖe mɔ be Mawu ƒe nya la nakpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzia? Ne ewɔ esia la, nu kae wòaɖe fia tso ŋuwò?

1 Petro 5:6, 7 Me Ðeɖe—“Mibɔbɔ Mia Ðokui . . ., Mitsɔ Miaƒe Dzimaɖiwo Katã Da Ðe Eyama Dzi”

Nu kae wòfia be ‘míada’ míaƒe dzimaɖiwo ɖe Mawu dzi, eye aleke esia ana míaƒe dzi nadze eme?