Ƒe 2017 Takpekpe Gã Ƒe Ðoɖowɔɖi

Kpɔ takpekpe sia si akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nyui ahado dzi le nɔnɔme sesẽwo me la ƒe ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe ɖoɖowɔɖia.

Fiɖa

Nu kae akpe ɖe Kristotɔwo ŋu be woatu nɔnɔme siwo akpe ɖe wo ŋu woado dzi la ɖo?

Memleɖa

Aleke Mawu Ŋusẽkatãtɔ la naa dzidodo kple akɔfafa míi?

Kwasiɖa

Yesu gblɔ be: “Ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.” Nu kae nàwɔ be nàte ŋu awɔ ɖe eƒe nya mawo dzi?

Nyatakaka Na Takpekpea Valawo

Ðewohĩ àdi be yeade kpekpe tɔxɛ siwo woawɔ le takpekpea me. Àte ŋu akpɔ nyatakaka geɖewo hã le afi sia ku ɖe anyinɔƒegbɔkpɔlawo, anyinɔnɔ, atikewɔƒe, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔwɔ, nu búbuwo daɖoƒe kple wo diƒe, nudzɔdzɔ, alo nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu.