Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!

Nu kae nye nya nyui si tso Mawu gbɔ? Nu ka tae míaka ɖe edzi? Agbalẽ gbadza sia ɖo Biblia me nyabiase siwo amewo lɔ̃a biabia la ŋu.

Ale Si Nàwɔ Agbalẽ Gbadza Sia Naɖe Vi Na Wò

Agbalẽ gbadza sia akpe ɖe ŋuwò be nusɔsrɔ̃ tso Mawu ƒe Nya Biblia me tẽe navivi nuwò. Mawunyakpukpui siwo le memama ɖe sia ɖe te la fia afi si nàte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo le axlẽ le wò Biblia me.

LESSON 1

Nu Kae Nye Nya Nyui La?

Xlẽ nu tso nya nyui si le Mawu si na mí, nu si ta wòhiã kpata ɖo kple nu si wòle be nàwɔ la ŋu.

LESSON 2

Ame Kae Nye Mawu?

Ðe ŋkɔ le Mawu sia? Ðe Yehowa tsɔ ɖe le eme na mía?

LESSON 3

Mawu Gbɔe Nya Nyui La Tso Vavã?

Aleke míawɔ aka ɖe edzi be Biblia me nyawo nye nyateƒe?

LESSON 4

Ame Kae Nye Yesu Kristo?

Xlẽ nu tso ale si Yesu ƒe agbe dze egɔmee, nu si ta wòva anyigba ɖo kple nu si wɔm wòle fifia la ŋu.

LESSON 5

Nu Kae Nye Mawu Ƒe Tameɖoɖo Na Anyigba La?

Biblia ɖe nu si tae Mawu wɔ anyigba, ɣeyiɣi si me fukpekpe nu ayi kple etsɔme nyui si le anyigba la kple ame siwo anɔ edzi la lalam la me.

LESSON 6

Mɔkpɔkpɔ Kae Li Na Kukuawo?

Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le? Ðe míagakpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la akea?

LESSON 7

Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?

Ame kae nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia, eye nu kawoe Fiaɖuƒea awɔ?

LESSON 8

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Vɔ̃ɖinyenye Kple Fukpekpe Li Ðo?

Aleke vɔ̃ɖinyenye dze egɔmee, eye nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe kpɔtɔ li? Ðe fukpekpe nu ayi gbe aɖe gbea?

LESSON 9

Aleke Nàwɔ Be Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?

Yehowa, Mawu dzidzɔtɔ la, di be dzidzɔ nanɔ ƒomewo me. Kpɔ aɖaŋu nyui siwo le Biblia me na srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, dzilawo kple ɖeviwo ɖa.

LESSON 10

Aleke Nàwɔ Akpɔ Tadedeagu Vavãtɔ Adze Sii?

Subɔsubɔha vavã ɖeka koe lia? Bu nu atɔ̃ siwo dea dzesi tadeagula vavãwo kple subɔsubɔha vavãtɔ ŋu kpɔ.

LESSON 11

Aleke Biblia Me Gɔmeɖosewo Ðea Vi Na Míi?

Yesu ɖe nu si ta míehiã gɔmeɖosewo la me eye wòyɔ gɔmeɖose eve siwo le vevie wu la hã.

LESSON 12

Aleke Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu?

Xlẽ nyati sia nàkpɔe ɖa nenye be Mawu ɖoa to gbedodoɖawo katã alo meɖonɛ o, ale si míado gbe ɖa kple nu bubu siwo míate ŋu awɔ ate ɖe Mawu ŋu.

LESSON 13

Nu Kae Nye Nya Nyui Si Ku Ðe Subɔsubɔhawo Ŋu?

Ðe amewo katã ava wɔ ɖeka asubɔ Mawu vavã ɖeka kolia gbe ɖeka?

LESSON 14

Nu Ka Tae Habɔbɔ Le Mawu Si Ðo?

Biblia gblɔ nu si tae Kristotɔ vavãwo nye habɔbɔ la na mí.

LESSON 15

Nu Ka Tae Wòle Be Nàyi Nusɔsrɔ̃a Dzi?

Aleke nàwɔ Mawu ŋuti sidzedze si su asiwò la naɖe vi na ame bubuwo? Ƒomedodo kae ate ŋu ava nɔ mia kple Mawu dome?