Srɔ̃ Woƒe Xɔse

Aleke nusɔsrɔ̃ tso ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔ siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ate ŋu aɖe vi na mí?

Ɣeyiɣikɔntabubu Ƒe Fli

Ɣeyiɣikɔntabubu ƒe fli kple anyigbatatawo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ɣeyiɣi si me nuteƒewɔla siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la nɔ agbe le kple teƒe siwo wonɔ la le susu me.

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Dɔdzikpɔhaa le dzi dem ƒo na ame sia ame be eya ŋutɔ alo woa kple eƒe ƒomea woaxlẽ agbalẽ sia ahasrɔ̃e be wòaɖe vi na wo bliboe.

Ŋgɔdonya

Ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔlawo ƒe ŋutinya siwo nye nyateƒe la sɔ gbɔ ɖe Biblia me. Aleke míawɔ be kpɔɖeŋu siwo woɖo ɖi la naɖe vi na mí?

HABEL

“Togbɔ Be Eku Hã La, Egale Nu Ƒom”

Esi wònye nya ʋɛ aɖewo koe wogblɔ tso Habel ŋu le Biblia me ɖe, nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eyama kple eƒe xɔse ŋu?

NOA

‘Ezɔ Kple Mawu Vavã La’

Kuxi kawoe Noa kple srɔ̃a do goe le wo viwo hehe me? Nu ka tae aɖakaʋua kpakpa bia be xɔse nanɔ Noa si?

ABRAM

‘Ame Siwo Katã Si Xɔse Le La Fofo’

Aleke Abram ɖee fia be yexɔ Mawu dzi se? Mɔ kawo nue nàdi be yeasrɔ̃ Abram ƒe xɔse le?

RUT

“Afi Si Nàyi La, Afi Ma Mayi”

Nu ka tae Rut lɔ̃ faa ʋu le eƒe ƒometɔwo gbɔ kple wo denyigbaa dzi? Nɔnɔme nyui kae wòɖe fia si na Yehowa melɔ̃ nu le egbɔ o?

RUT

Enye “Nyɔnu Zãzɛ”

Nu ka tae wònɔ vevie be Rut kple Boas naɖe wo nɔewo? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Rut kple Naomi gbɔ ku ɖe nu si ƒome nye ŋu?

XANA

Eɖe Eƒe Dzimenyawo Gblɔ Na Yehowa

Ale si Xana xɔ Yehowa dzi se la kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ si ŋu wòdze abe mate ŋu awɔ naneke le o ene la nu.

SAMUEL

‘Enɔ Tsitsim Le Yehowa Gbɔ’

Nu ka tae Samuel ƒe ɖevime menɔ abe ɖevi bubuwo tɔ ene o? Nu kae do ŋusẽ Samuel ƒe xɔse esime wònɔ avɔgbadɔa me?

SAMUEL

Dzigbãnyawo Tui, Gake Edo Dzi

Nɔnɔme sesẽwo kple dzigbãnyawo tua mía dometɔ ɖe sia ɖe eye wodoa míaƒe xɔse kpɔna. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Samuel ƒe dzidodoa me?

ABIGAIL

Ewɔ Nu Le Aɖaŋudzedze Me

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si atsuƒe sesẽ na Abigail la me?

ELIYA

Eʋli Tadedeagu Dzadzɛa Ta

Aleke míate ŋu asrɔ̃ Eliya ne míele nu me dzrom kple ame siwo melɔ̃ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi o?

ELIYIA

Enɔ Ŋudzɔ, Eye Wòlala

Aleke Eliya do vevie gbedodoɖa esime wònɔ Yehowa si nu kpɔm be wòawɔ eƒe ŋugbedodoa dzi?

ELIYA

Eƒe Mawu Fa Akɔ Nɛ

Nudzɔdzɔ kawoe wɔe be dzi va ɖe le Eliya ƒo ale gbegbe be wòbia gɔ̃ hã be yeaku?

YONA

Esrɔ̃ Nu Tso Eƒe Vodadawo Me

Àte ŋu ase nu si tae Yona nɔ vɔvɔ̃m be yeayi dɔa gbe la gɔme nɛa? Eƒe ŋutinyaa fia nu vevi aɖewo mí tso Yehowa ƒe dzigbɔɖi kple nublanuikpɔkpɔ ŋu.

YONA

Esrɔ̃ Nublanuikpɔkpɔ

Aleke Yona ƒe ŋutinyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzro mía ɖokui me anukwaretɔe?

ESTER

Eʋli Mawu Ƒe Amewo Ta

Ebia xɔse kple dzinɔameƒo be woaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia abe ale si Ester wɔe ene.

ESTER

Edze Nunya, Dzi Nɔ Eƒo, Eye Medi Eɖokui Tɔ O

Aleke Ester wɔ nu ɖokuitɔmadimaditɔe le Yehowa kple eƒe amewo ta?

MARIA

‘Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Dɔlanyɔnue Menye!’

Esi mawudɔla Gabriel ƒo nu kple Maria la, nu kae Maria ƒe nuwɔna ɖe fia le eƒe xɔse ŋu? Nɔnɔme nyui bubu kawo hãe wòɖe fia?

MARIA

Enɔ Nyaawo “Ŋu Bum Le Eƒe Dzi Me”

Nu siwo teƒe Maria kpɔ la na wògaka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi geɖe wu.

YOSEF

Ekpɔ Eƒe Ƒomea Ta, Elé Be Na Wo, Edo Vevie Nu

Mɔ kawo nue Yosef kpɔ eƒe ƒomea ta le? Nu ka tae wòkplɔ Maria kple Yesu yi Egipte ɖo?

MARTA

“Mexɔe Se”

Esime Marta nɔ nu xam la, aleke wòɖee fia be xɔse sẽŋu le ye si?

PETRO

Edze Agbagba Ðu Vɔvɔ̃ Kple Ðikeke Dzi

Ðikeke tea ŋu ɖua ame dzi, wògblẽa nu ŋutɔ. Gake Petro te ŋu ɖu vɔvɔ̃ kple ɖikeke si nɔ eme la dzi hezu Yesu yomedzela.

PETRO

Ewɔ Nuteƒe Le Dodokpɔwo Me

Aleke Petro ƒe xɔse kple eƒe nuteƒewɔwɔ kpe ɖe eŋu be wòlɔ̃ Yesu ɖɔe ɖo?

PETRO

Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ

Aleke Yesu fia tsɔtsɔke Petroe? Aleke Yesu ɖee fia be yetsɔ ke Petro?

Nyataƒonya

Aleke nàte ŋu anɔ ŋusẽ dom wò xɔse eye nàtsɔ wò susu aɖo wò mɔkpɔkpɔa dzi tututu?

Ɖewohĩ Esia Hã Adzɔ Dzi Na Wò

MAWU DZI XƆXƆ SE

Srɔ̃ Woƒe Xɔse—Ŋutsu Kple Nyɔnu Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe

Srɔ̃ ŋutsu kple nyɔnu wɔnuteƒe siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ƒe kpɔɖeŋu eye nàte ɖe Mawu ŋu.