Dzo kpo yi emenuwo dzi

Noa—Xɔse Ʋãe Wòɖo To

Kpɔ ale si xɔse kple toɖoɖo Yehowa kpe ɖe Noa ŋu wòtsi agbe le xexe vɔ̃ɖi aɖe me. Video sia me nyawo tso 1 Mose 6:1–8:22; 9:8-16.

Ɖewohĩ Esia Hã Adzɔ Dzi Na Wò

SRƆ̃ WOƑE XƆSE

Noa ‘Zɔ Kple Mawu Vavã La’

Kuxi kawoe Noa kple srɔ̃a do goe le wo viwo hehe me? Nu ka tae aɖakaʋua kpakpa bia be xɔse nanɔ Noa si?

GBETAKPƆXƆ

Wokpɔ Eya Kple “Ame Adre Bubuwo” Ta

Aleke Noa kple eƒe ƒomea wɔ tsi agbe le ɣeyiɣi sia si do blukɔ wu le ameƒomea ƒe ŋutinya me la me?

GBETAKPƆXƆ

Enok—“Eƒe Nu Dze Mawu Ŋu Nyuie”

Ne èle ƒome dzi kpɔm alo ètɔ afɔ to be yeawɔ nu dzɔdzɔe la, àte ŋu asrɔ̃ Enok ƒe xɔse.

Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me

Noa Ƒe Aɖakaʋu La

Esi mawudɔla vɔ̃ɖiwo ɖi va ɖe anyigbadzinyɔnuwo la, wodzi ŋutsuvi siwo va zu ame dzɔatsu tagbɔsẽlawo. Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ yɔ anyigba katã dzi. Gake Noa ya to vovo—elɔ̃ Mawu eye wòɖo toe.