1 Yohanes 1:1-10

  • Agbenya la (1-4)

  • Zɔzɔ le kekeli la me (5-7)

  • Nu vɔ̃ me ʋuʋu hiã (8-10)

1  Nu si li tso gɔmedzedzea me, nu si míese, nu si míekpɔ kple míaƒe ŋku, nu si ŋu míelé ŋku ɖo, eye míeka asi eŋu, le agbenya la ŋuti,+  (ɛ̃, woɖe agbe la ɖe go fia mí, eye míekpɔe, eye míele ɖase ɖim+ hele nu ƒom tso eŋu na mi. Agbe mavɔ+ sia tso Fofo la gbɔ, eye woɖee ɖe go fia mí),  nu si míekpɔ eye míese la, eya ŋue míele nu ƒom le na miawo hã,+ ale be miawo hã miade ha kpli mí.* Eye míele hadede sia me kple Fofo la kpakple Via Yesu Kristo.+  Esia ŋutie míele nu siawo ŋlɔm na mi, be míaƒe dzidzɔ nade blibo.  Gbedeasi si míese tso egbɔ, eye míele gbeƒã ɖemee na mi lae nye be: Mawu nye kekeli,+ eye viviti aɖeke mele eya amea me o.  Ne míegblɔna be, “Míele ha dem kplii,” evɔ míegale viviti me zɔm la, ekema míele aʋatso kam, eye míele nyateƒe la dzi wɔm o.+  Ke ne míele zɔzɔm le kekeli la me abe ale si eya ŋutɔ hã le kekeli la me ene la, ekema míele ha dem kple mía nɔewo, eye Via Yesu ƒe ʋu klɔa nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋu.+  Ne míegblɔna be, “Nu vɔ̃ mele mía ŋu o” la, ekema míele mía ɖokuiwo flum,+ eye nyateƒe la mele mía me o.  Ne míeʋua míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔe wònye, be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ nu madzɔmadzɔwo katã ɖa le mía ŋu.+ 10  Ne míegblɔna be, “Míewɔa nu vɔ̃ o” la, ekema míele edom aʋatsokalae, eye eƒe nya la mele mía me o.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “miakpɔ gome kpli mí.”