2 Mose 21:1-36

  • Ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo na Israel (1-36)

    • Le Hebritɔ kluviwo ŋu (2-11)

    • Le ame si wɔ ŋutasẽnu ɖe nɔvia ŋu ŋuti (12-27)

    • Le lãwo ŋu (28-36)

21  “Esiawoe nye ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo nàgblɔ na wo:+  “Ne èƒle Hebri ŋutsu aɖe kluvii la,+ anye kluvi na wò ƒe ade, ke le ƒe adrelia me la, nàna ablɔɖee wòadzo fe aɖeke maxemaxee.+  Ne eya ɖekae va la, ekema eya ɖekae adzo. Ne ekplɔ srɔ̃a ɖe asi vɛ la, ekema srɔ̃a hã nadzo kplii.  Ne eƒe aƒetɔ tsɔ nyɔnu nɛ wòɖe, eye wòdzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo nɛ la, ekema nyɔnu la kple viawo azu eƒe aƒetɔ tɔ, ke eya ɖeka nadzo.+  Gake ne kluvi la gbe be yemadzo o hegblɔ be: ‘Melɔ̃ nye aƒetɔ, srɔ̃nye, kple vinyewo; nyemedi be woana ablɔɖem o’+ la,  ekema eƒe aƒetɔ la nakplɔe ava Mawu vavã la ŋkume. Emegbe wòakplɔe ayi ʋɔtru alo ʋɔtruti la ŋu, eye eƒe aƒetɔ natsɔ nuŋɔnui aŋɔ to nɛ, ale wòazu eƒe kluvi le eƒe agbemeŋkekewo katã me.  “Ne ŋutsu aɖe dzra vianyɔnu wòzu kosi* la, womana ablɔɖee wòadzo abe ale si kluvi dzona ene o.  Ne kosi la ƒe nu menyo eƒe aƒetɔ ŋu o, eye aƒetɔ la megadi be wòanye yeƒe ahiã o, gake wòdi be yeadzrae* na ame aɖe la, mekpɔ mɔ adzrae na dukɔ bubu me tɔ o, elabena mewɔ nuteƒe na kosi la o.  Eye ne viaŋutsue wòtsɔe na wòɖe la, ekema wòana vinyɔnuwo ƒe gomee. 10  Mele be viaŋutsu la naɖe srɔ̃a ƒe nuɖuɖu, eƒe nudodo kple nu si wòdze na*+ la dzi kpɔtɔ ne eɖe nyɔnu bubu o. 11  Ne mawɔ nu etɔ̃ siawo nɛ o la, ekema nyɔnua nadzo faa, fe aɖeke maxemaxee. 12  “Ne ame aɖe ƒo ame wòku la, woawu eya hã.+ 13  Ke ne ame aɖe meɖoe hafi wu ame o, gake Mawu vavã la ɖe mɔ wòdzɔ la, ekema maɖo teƒe aɖe na wò, afi si wòasi ayi.+ 14  Eye ne ame aɖe do dziku ɖe ehavi ŋu helĩhelĩ, eye wòɖoe wui la,+ ele be woawu ame ma, ne nye vɔsamlekpui la gbɔe wòle be miahee tsoe gɔ̃ hã.+ 15  Ame si ke ƒo fofoa alo dadaa la, woawui.+ 16  “Ne ame aɖe fi ame,+ eye wòdzrae, alo wokpɔe le esi la,+ woawui.+ 17  “Ame si do ɖiŋu na fofoa alo dadaa la, woawui.+ 18  “Nu si woawɔ ne ŋutsuwo le dzre wɔm, eye ɖeka tsɔ kpe xlã ɖe ehavi alo tu kɔe* gake meku o, ke wòtsi aba dzi lae nye esi: 19  Ne ete ŋu fɔ do go le tɔtɔm ɖe ati ŋu la, ekema womahe to na ame si tsɔ nu xlã ɖee la o. Ðeko wòaxe fe ɖe ɣeyiɣi si ehavi la mete ŋu gawɔ dɔ o la ta, va se ɖe esime wòhaya keŋkeŋ. 20  “Ne ame aɖe tsɔ ati ƒo eƒe kluvi alo kosi wòku ɖe esi me la, woabia hlɔ̃e.+ 21  Gake ne eganɔ agbe ŋkeke ɖeka alo ŋkeke eve hafi ku la, ekema womabia hlɔ̃e o, elabena enye ame si eƒe aƒetɔ tsɔ ga ƒle. 22  “Ne ŋutsuwo le avu wɔm, eye wowɔ nu vevi nyɔnu funɔ aɖe, eye wòdzi vi* evɔ eƒe ŋkeke mekpɔ de hafi o,+ gake afɔku aɖeke medzɔ si he ku vɛ o la, ele be agɔdzelaa naxe fe si nyɔnua srɔ̃ abla nɛ; eye wòaxee to ʋɔnudrɔ̃lawo dzi.+ 23  Ke ne afɔku aɖe dzɔ, si he ku vɛ la, ekema woabia agbe ɖe agbe teƒe,*+ 24  ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe,+ 25  dzobi ɖe dzobi teƒe, abi ɖe abi teƒe, ƒoƒo ɖe ƒoƒo teƒe. 26  “Ne ŋutsu aɖe ƒo ŋku na eƒe kluvi alo eƒe kosi wògbã la, ekema wòana ablɔɖe kluvi la wòadzo atsɔ aɖo eƒe ŋku la teƒe nɛ.+ 27  Eye ne eŋe eƒe kluvi alo eƒe kosi ƒe aɖu la, wòana ablɔɖee wòadzo atsɔ aɖo eƒe aɖu la teƒe nɛ. 28  “Ne nyi aɖe tu dzo ŋutsu alo nyɔnu aɖe wòku la, ekema woaƒu kpe nyi la wòaku,+ eye womaɖu eƒe lã o, ke womahe to na nyia tɔ o. 29  Ke ne nyia lɔ̃a dzotutu ame, eye woxlɔ̃ nu nyia tɔ, gake mekpɔ edzi o, eye wòwu ŋutsu alo nyɔnu aɖe la, ekema woaƒu kpe nyi la, eye woawu nyia tɔ hã. 30  Gake ne wodo hlɔ̃fe nɛ la, ekema wòaxee abe ale si tututu woɖoe nɛ ene ɖe eƒe agbe* ta. 31  Ne etu dzo ŋutsuvi alo nyɔnuvi aɖe la, woawɔ nyia tɔ abe ale si wòle le ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo sia me la ene. 32  Ne kluvi alo kosi ye nyi la tu dzoe la, axe sekel* blaetɔ̃ na eƒe aƒetɔ, eye woaƒu kpe nyi la wòaku. 33  “Ne ame aɖe ʋu do aɖe nu da ɖi, alo ɖe do metu nu ɖe enu o, eye nyi alo tedzi aɖe ge dze eme la, 34  ekema doa tɔ naɖo eteƒe.+ Ele be agɔdzelaa naxe fe na lãa tɔ, eye lã kukua nazu etɔ. 35  Ne ame aɖe ƒe nyi wɔ nu vevi ame bubu ƒe nyi wòku la, ekema woadzra nyi gbagbe la, eye woama eƒlega la; woama lã kukua hã. 36  Alo ne wonyae be nyi aɖe lɔ̃a dzotutu nyi bubuwo, gake nyia tɔ mekpɔ edzi o la, ke wòaɖo eteƒe, nyi ɖe nyi teƒe, eye kukua nazu etɔ.

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, kluvinyɔnu.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “woaxɔe aƒle.”
Esia ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu.
Agate ŋu afia, “tsɔ lãnu xlã ɖee.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viawo do le eŋu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “luʋɔ ɖe luʋɔ teƒe.”
Alo, “luʋɔ.”
Sekel ɖeka le gram 11.4. Kpɔ Megbenyawo B14.