Nyagblɔla 11:1-10

  • Wɔ ɣeyiɣia ŋu dɔ (1-8)

    • Da wò abolo ɖo ɖe tɔwo dzi (1)

    • Ƒã nukuwo tso ŋdi va se ɖe fiẽ (6)

  • Kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime (9, 10)

11  Da wò abolo ɖo ɖe tɔwo dzi,*+ elabena àgakpɔe le ŋkeke geɖe megbe.+  Na nu ame adre, alo ame enyi gɔ̃ hã,+ elabena mènya vɔ̃ kae le anyigba dzi va ge o.  Ne tsi sɔ gbɔ ɖe alilikpowo me la, edzana ɖe anyigba dzi; eye ne ati mu dze anyiehe alo dziehe gome la, afi si wòmu dze la, afi mae wòtsina.  Ame si le ŋku lém ɖe yaƒoƒo ŋu la maƒã nu o, eye ame si le ŋku lém ɖe alilikpowo ŋu la maŋe nu o.+  Ale si ko mènya ale si gbɔgbɔ wɔa dɔ le ɖevi si le funɔ ƒe dɔ* me ƒe ƒuwo me o la,+ nenema kee mènya Mawu vavã si wɔa nuwo katã la ƒe dɔwɔwɔwo o.+  Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye wò alɔ megadzudzɔ o va se ɖe fiẽ;+ elabena mènya kae awɔ nyuie o, eɖanye esi alo ekemɛ o, alo ne wo kple eve lae le nyonyo ge o.  Kekeli vivina, eye wònyo be ŋku nakpɔ ɣe.  Elabena nenye be amegbetɔ nɔ agbe ƒe geɖe la, nekpɔ dzidzɔ le ŋkekeawo katã me.+ Ke neɖo ŋku edzi hã be vivitidogbewo asɔ gbɔ; esiwo katã gbɔna la nye tofloko sɔŋ.+  Ðekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi nakpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuiŋkekewo me. Zɔ ɖe wò dzi ƒe didiwo* kple wò ŋku ƒe mɔfiafia nu; gake nyae be Mawu vavã la akplɔ wò ava ʋɔnui* le nu siawo katã ta.+ 10  Eya ta ɖe dzivedonamenuwo ɖa le wò dzi dzi, eye nàtsri nu siwo agblẽ nu le ŋuwò,* elabena sɔhɛmenɔnɔ kple ɖekakpuimenɔnɔ la, toflokoe wonye.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Na wò abolo nato tɔ dzi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “vidzidɔ.”
Alo, “toƒewo.”
Alo, “Mawu vavã la abia akɔnta wò.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò ŋutilã ŋu.”