Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI

Ablotsiyiyi—Eŋuti Drɔẽwo Kple Ale Si Wòle

Ablotsiyiyi—Eŋuti Drɔẽwo Kple Ale Si Wòle

Wole Gbɔdzɔe Dim Le Agbe Me

GEORGE tɔtɔ. Mete ŋu le eƒe ƒomea ƒe nuɖunyawo gbɔ kpɔm ale si dze o. Azɔ hã, eƒe aƒelikawo le dɔ dzem, eye wòdze abe dɔwuame ɖe kpe na wo dometɔ aɖewo ene. Gake nuwo de ame dzi wu le dukɔ bubu si te ɖe wo ŋu la me. Egblɔ na eɖokui be: ‘Mayi ablotsi aɖadi dɔ. Eyome mana nye ƒomea nava wɔ ɖeka kplim le afi ma.’

Patricia hã nye ame bubu si susu be agbea adze edzi na ye le ablotsi. Dɔ menɔ esi o, eye mɔkpɔkpɔ meli be nuwo aka ɖe eme o. Wo kple eƒe ahiãvi woɖoe be yewoaʋu le Nigeria ahato Algeria ayi Spain, ke hã womenya afɔku si gbegbe le Sahara Dzogbe si woato la dzi o. Egblɔ be: “Fu nɔ ƒonye, eye meɖoe kplikpaa be mana agbea nadze edzi na vinyea.”

Rachel ʋu yi Europa kple susu be ganyawo ade ye dzi wu le afi ma. Enɔ Philippines hafi dɔ ge le esi, eye ƒometɔwo ka ɖe edzi nɛ be wole aƒemedɔwɔla geɖewo dim le ablotsi. Eya ta edo ga si wòatsɔ aɖo yameʋui heklã srɔ̃a kple vianyɔnu gblɔ bena, “Eteƒe madidi hafi míagawɔ ɖeka o.”

Wobu akɔnta be amewo abe George, Patricia kple Rachel ene, siwo ʋu yi duta le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la wu miliɔn alafa 200. Togbɔ be aʋawɔwɔ, dzɔdzɔmefɔkuwo, alo yometiti tae wo dometɔ aɖewo ʋu hã la, ganyawo koŋ tae ame akpa gãtɔ ʋu ɖo. Kuxi kawoe wodoa goe le duta? Ðe agbea dze edzi na wo katã abe ale si wokpɔ mɔ nɛ enea? Aleke agbea nɔna na ɖeviwo ne wo dzilawo ʋu yi duta be yewoaɖadi ga? Bu biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo siwo gbɔna ŋu kpɔ.

 Mɔzɔzɔ Kple Dutanɔnɔ Me Kuxiwo

Mɔa ŋutɔ zɔzɔ ye nye kuxi gbãtɔ si ablotsiyilawo doa goe zi geɖe. Nuɖuɖu sue aɖe ko nue George, si ŋu nya míegblɔ le nyati gbãtɔ me la, nɔ agbe ɖo le kilometa alafa geɖe ƒe mɔ si wòzɔ la me. Egblɔ be: “Mɔzɔzɔa dzi ŋɔ ŋutɔ.” Mɔzɔla geɖewo tsia mɔ ta.

Patricia hã ƒe taɖodzinue nye be yeayi Spain. Eɖo agbatsɔʋu aɖe si kɔ wo to Sahara Dzogbe dzi. Egblɔ be: “Mɔ si míezɔ tso Nigeria yi Algeria la xɔ kwasiɖa ɖeka, eye mí ame 25 ye mimi ɖe ʋua me. Míekpɔ ame kukuwo kple ame siwo le tsaglãla tsam le dzogbea dzi le woƒe ku lalam. Edze abe ʋukula aɖewo gblẽa ʋua ɖolawo ɖe mɔ dzi tagbɔsesẽtɔe ene.”

Le Rachel ya gome la, ete ŋu ɖo yameʋu yi Europa be yeaɖanye aƒemedɔwɔla. Gake esi wòɖo afi ma hafi wòva kpɔe be yele ye vinyɔnuvi si xɔ ƒe eve la susum vevie. Egblɔ be: “Ɣesiaɣi si mekpɔ vidada aɖe wòle via gbɔ kpɔm la, meléa blanui ŋutɔ.”

Avu kple kɔe wònye na George hafi dutanɔnɔ va mae. Ɣleti geɖe va yi hafi wòte ŋu ɖo ga ɖe aƒe. Egblɔ be: “Mefaa avi le zã me zi geɖe le akogotsitsi kple dziɖeleameƒo ta.”

Le Algeria nɔnɔ ɣleti geɖe megbe la, Patricia va ɖo Morocco ƒe de dzi. Egblɔ be: “Afi mae medzi vinyenyɔnuvia le. Ele nam be manɔ bebem, bena amefila siwo ziaa nyɔnuwo dzi be woanye gbolowo la nagava lém o. Mlɔeba, mekpɔ ga si matsɔ azɔ ƒudzimɔ si me afɔku le la ayi Spain. Tɔdziʋu gbagbã aɖe si me womimi ame geɖe ɖo lae meɖo. Míaƒe afɔkpawoe míetsɔ nɔ tsia kpam le ʋua me be míaganyrɔ o! Esi tɔdziʋua ɖi go ɖe Spain la, ŋusẽ menɔ ŋunye be mazɔ ayi gota o.”

Menye afɔku si le mɔa zɔzɔ me la ŋu koe wòle be ame siwo di be yewoayi ablotsi la nabu o. Ale si dukɔ bubu me tɔwo ƒe gbegbɔgblɔ kple dekɔnuwo to vovoe, hekpe ɖe ga kple agbagbadzedze si wòbia be dumevinyenye ƒe gomenɔamesiwo nasu ame si la hã nye nu si ŋu wòle be woabu. Dɔwɔɖuikpɔkpɔ, xɔnyawo, sukudede kple kɔdziyiyi zua kuxi na ame siwo mete ŋu xɔ agbalẽ si aɖe mɔ na wo be woanɔ dukɔa me le se nu la o. Esesẽna hã be woaxɔ ʋukumɔɖegbalẽvi alo ada ga ɖe gadzraɖoƒe. Eye zi geɖe la, amewo tafaa wo heŋea woƒe fetuwo ɖe eme.

Gaa ŋutɔ hã nye nu bubu si ŋu wòle be ame nabu. Ðe gakpɔkpɔ ana ame nanɔ dedie ŋutɔŋutɔa? Biblia ɖo aɖaŋu nyui sia bena: “Mèganɔ kutri kum, be nàkpɔ ho o; dzudzɔ wò tameɖoɖo sia! Ne èkpɔe ɖa la, maganɔ anyi o, elabena eto aʋala hedzo yi dzi abe hɔ̃ ene.” (Lododowo 23:4, 5) Ðo ŋku edzi hã be ga mate ŋu aƒle  nu siwo hiã mí wu le agbe me, abe lɔlɔ̃, dzidzeme kple ƒome ƒe ɖekawɔwɔ ene o. Aleke gbegbe wòwɔ nublanuie nye esi be dzilawo naɖe mɔ gadidi nanɔ vevie na wo wu wo nɔewo alo wo viwo ‘lɔlɔ̃’!—2 Timoteo 3:1-3.

Ehiã hã be mí amegbetɔwo míadze si Mawu. (Mateo 5:3) Eya ta dzila ɖɔŋuɖowo dzea agbagba ɖe sia ɖe be woatsɔ agbanɔamedzi si Mawu de wo si be woafia nu wo viwo tso Mawu, eƒe tameɖoɖowo kple nudidiwo ŋu.—Efesotɔwo 6:4.

 Ƒome Wɔɖeka—le Vevie Wu Gakpɔkpɔ

Ame siwo zɔa mɔ yia duta la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo le vovovo, gake nane ɖe dzesi le wo katã ŋu, abe ale si wòdze le George, Rachel kple Patricia ƒe ŋutinyawo me le nyati siwo do ŋgɔ la me ene. Ne dzila aɖe ʋu alo srɔ̃tɔ aɖe dzo le srɔ̃a gbɔ la, ƒomea me tɔwo kpea fu, eye ƒe geɖe tea ŋu va yina hafi ƒome bliboa gava wɔa ɖeka. Ƒe ene kple edzivɔ va yi hafi George kple eƒe ƒomea gava wɔ ɖeka.

Ƒe atɔ̃ kloe megbe hafi Rachel gatrɔ yi Philippines be yeaɖakplɔ ye vinyɔnuvia. Patricia hã ƒe vinyɔnuvia nɔ esi me hafi wòva ɖo Spain mlɔeba. Egblɔ be: “Eya koe nye nye ƒometɔ, eya ta meléa be nɛ nyuie.”

Ame siwo ʋu la dometɔ geɖe doa dzi nɔa duta togbɔ be akogotsitsi kple gakuxiwo ɖea fu na wo, eye woklã tso woƒe ƒometɔwo gbɔ ɣeyiɣi didi hã. Le nu siwo gbegbe wotsɔ sa vɔe hafi ʋu ta la, ne nuwo medze edzi o gɔ̃ hã la, dzi menɔa wo dometɔ akpa gãtɔ ƒo wolɔ̃na ɖe edzi be nu glo yewo hetrɔna yia aƒe o, le ŋukpe ta.

Ame siwo ƒo dzi nɔ wotrɔ yi aƒe la dometɔ ɖekae nye Allan, si tso Philippines. Togbɔ be ekpɔ dɔ nyui aɖe le Spain hã la, etrɔ yi aƒe le ɣleti 18 megbe. Egblɔ be: “Meva nɔ srɔ̃nye kple vinyenyɔnuvia susum vevie ŋutɔ. Metso nya me be nyemagaʋu ayi duta azɔ o, negbe ɖeko nye ƒomea ayi kplim. Ale ƒome bliboa va ʋu mlɔeba. Ƒomea le vevie sãsãsã wu gakpɔkpɔ.”

Nu bubu aɖe hã le vevie wu ga, abe ale si Patricia va kpɔe dze sii ene. Etsɔ Biblia ƒe akpa si nye “Nubabla Yeyea,” alo Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ɖe asi yi Spain. Egblɔ be: “Mesusui be anye akpoxɔnu nam. Emegbe medo go nyɔnu aɖe si nye Yehowa Ðasefo. Tsã la, nyemelɔ̃na be maɖo dze kple ha sia me tɔwo o. Eya ta mebia nya geɖewo Ðasefoa kple susu be maɖee afiae be eƒe dzixɔsewo nye aʋatso. Gake eya boŋ te ŋu ʋli eƒe dzixɔsewo ta heɖo nye biabiawo katã ŋu tso Biblia me.”

Nu si Patricia srɔ̃ la na wòkpɔe be menye afi si ame aɖe le alo ga ye ana dzidzɔ vavãtɔ kple mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le nasu esi o, ke boŋ sidzedze Mawu kple tameɖoɖo si le esi na mí ye. (Yohanes 17:3) Patricia gasrɔ̃e hã be ŋkɔ le Mawu vavã la si, si nye Yehowa. (Psalmo 83:19) Exlẽe le Biblia me hã be Mawu ava to eƒe Fiaɖuƒea, si me Yesu Kristo nye dziɖula le la dzi aɖe ahedada ɖa keŋkeŋ kpuie. (Daniel 7:13, 14) Psalmo 72:12, 14 gblɔ be: “[Yesu] aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”

Ðe manyo ŋutɔ be nàdi ɣeyiɣi adzro Biblia me kpɔ oa? Agbalẽ sia si me mawumenunya le la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nyametsotso nyuiwo, eye nàdo dzi le dodokpɔ siwo me tom nèle fifia la me le dzidzɔ kple mɔkpɔkpɔ me.—Lododowo 2:6-9, 20, 21.