Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI BIBLIA GBLƆ

Gbɔgbɔyɔyɔ

Gbɔgbɔyɔyɔ

Ðe wògblẽ be ame natee kpɔ be yeaƒo nu kple kukuawoa?

“Migayi ŋɔliyɔlawo gbɔ o . . . bena miagaƒo ɖi o.”3 Mose 19:31.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Esɔ be amewo nadi be yewoakpɔ kakaɖedzi be yewoƒe ame vevi siwo ku la mele afi aɖeke le fu kpem o. Eya ta wogblɔna be: “Nu ka ta nyemayi aɖabia gbe wo le ŋɔliyɔla, alo nukala aɖe gbɔ o? Ðewohĩ ŋɔliyɔlaa agblɔ nɔnɔme si me wole la nam eye nye dzi adze eme.”

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia de se tẽe be mele be agbagbeawo nadze agbagba be yewoaƒo nu kple kukuawo o. Nuwɔna sia bɔ le blema ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Mawu gblɔ le Se si wòde na Israel-dukɔa me be: “Nukala, kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o. Ame sia ame, si le nu sia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.” (5 Mose 18:10-12) Biblia gblɔ hã be ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna ƒomevi aɖe me la, manyi “Mawu ƒe fiaɖuƒe la dome o.”Galatiatɔwo 5:19-21.

 Ðe kukuawo ate ŋu awɔ nyui alo vɔ̃ agbagbeawoa?

“Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.”Nyagblɔla 9:5.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame geɖewo gblɔna be kukuawo le agbe le afi aɖe. Eya ta wodzea agbagba be yewoaƒo nu kple kukuawo, ɖewohĩ be yewoase nya aɖe tso wo gbɔ alo afa akɔ na wo ale be womagaɖe fu na yewo o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o . . . Woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbe aɖe gbe ke.” (Nyagblɔla 9:5, 6) Vavãe, Biblia ƒe nufiafiae nye be ne ame ku la, eku! Magate ŋu abu tame, awɔ nu bubu aɖe alo ahayi Mawu subɔ ge gɔ̃ hã o. Psalmo 115:17 gblɔ be: “Menye ame kukuwoe akafu Yehowa o, alo ame siwo katã yi aʋli me la o.”

Ðe ŋɔliyɔlawo meʋua go amea ŋu nya ɣaɣlɛwo oa?

“Ðe woabia nu kukuawo na agbagbeawoa?”—Yesaya 8:19.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame aɖewo gblɔna be ŋɔliyɔlawo tea ŋu ʋua go ame kukua ŋu nya ɣaɣla aɖewo evɔ wòhenye be ame kukua, eƒe ƒometɔwo kple exɔlɔ̃wo koe nya nu tso wo ŋu.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Samuel Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 28 gblɔ ale si fia mawɔnuteƒe Saul da se si Mawu de be womegabia nu ŋɔliyɔlawo o la dzi. Eyi nyɔnu ŋɔliyɔla aɖe gbɔ, eye nyɔnu sia nɔ nu wɔm abe ɖe wòle nu ƒom kple Mawu ƒe ame Samuel si ku la ene! Gake ɖe wòƒo nu kple Samuel ŋutɔŋutɔa? Ao! Le nyateƒe me la, ameflula aɖe si wɔ eɖokui abe Samuel si ku la ene lae wònɔ nua ƒom kplii.

Ameflula ma nye gbɔgbɔ vɔ̃ɖi aɖe eye wònye Satana si nye “aʋatsokafofo” ƒe agbasivi. (Yohanes 8:44) Nu ka tae gbɔgbɔ vɔ̃wo dzea agbagba be yewoana amewo nasusui be ame kukuwo gale agbe le afi aɖe? Woƒe taɖodzinue nye be yewoado vlo Mawu ahana wòadze abe ɖe eƒe Nya, Biblia la ka aʋatso ene.2 Timoteo 3:16.

Ðe nu siwo me míedzro la fia be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na kukuawo oa? Kura o! Biblia do ŋugbe be le etsɔme la, ame siwo ‘dɔ alɔ̃’ le yɔdowo me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la afɔ ɖe tsitre. * (Yohanes 11:11-13; Dɔwɔwɔwo 24:15) Fifia, ele be míaƒe dzi nadze eme esi míenyae be míaƒe ame vevi siwo ku la mele fu kpem le afi aɖeke o.

^ mm. 16 Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 7 lia ƒe tanyae nye “Mɔkpɔkpɔ Vavã si Li na Wò Ame Vevi Siwo Ku.”