Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Vavã

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Vavã

“Makpɔ dzidzɔ ne meɖe srɔ̃ hedzi vi.”

“Makpɔ dzidzɔ ne nye ŋutɔ metso aƒe.”

“Makpɔ dzidzɔ ne wote ŋu xɔm ɖe dɔ ma me.”

“Makpɔ dzidzɔ ne . . .”

ÈSE le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Ðe wò dzidzɔkpɔkpɔa nɔa anyi eteƒe didina ne nu si dim nèle la su asiwòa? Alo ɖe enu le tsitsima? Nyateƒee wònye be míekpɔa dzidzɔ ne míete ŋu wɔ nane si míedi be míawɔ la de goe. Gake dzidzɔkpɔkpɔ ma nu ate ŋu atsi abe agobodzo ene? Dzidzɔkpɔkpɔ vavã menɔa te ɖe taɖodzinu si gbɔ ame te ŋu ɖo alo nu siwo su esi la ɖeɖe ko dzi o. Abe ale si ko wòle le lãmesẽ gome ene la, nu vovovowo gbɔe dzidzɔkpɔkpɔ vavã tsona.

Mía dometɔ ɖe sia ɖe le vovo. Nu si nana nèkpɔa dzidzɔ la to vovo na nu si nana ame bubu kpɔa dzidzɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míaƒe nuŋububu trɔna ne míele tsitsim. Gake kpeɖodziwo ɖee fia enuenu be nanewo ya hiãna godoo hafi míakpɔ dzidzɔ vavã. Le kpɔɖeŋu me, nu siwo nana wokpɔa dzidzɔ vavã dometɔ aɖewoe nye be amea nana nu si le esi la nadze eŋu, wòaƒo asa na ŋubiabiã, wòasrɔ̃ ale si wòalɔ̃ amewo ahasrɔ̃ ale si wòanɔ te ɖe susu me kple seselelãme kuxiwo nu. Na míakpɔ nu si tae wòle alea la ɖa.

 1. NU SI LE ASIWÒ NEDZE ŊUWÒ

Nunyala aɖe si nya nu tso amegbetɔwo ƒe nɔnɔme ŋu la gblɔ be: “Ga hã doa vɔvɔli.” Gake egblɔ kpee be: “Ame si lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye ame si lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o. Esia hã toflokoe.” (Nyagblɔla 5:9; 7:12) Nu kae wòwɔnɛ? Togbɔ be míehiã ga míatsɔ akpɔ míaƒe agbemenuhiahiãwo gbɔ hã la, ele be míaƒo asa na ŋukeklẽ, elabena ga meɖia ƒo na ame o! Blema Israel Fia Salomo, ame si ŋlɔ nya siawo, ŋutɔ tee kpɔ le agbe me be yeakpɔe ɖa be kesinɔnu kple agbeɖuɖu nana wokpɔa dzidzɔ vavã mahã. Eŋlɔ bena: “Nu sia nu, si nye ŋkuwo di la, nyemete wo o; nyemetsri dzidzɔ aɖeke na nye dzi o.”Nyagblɔla 1:13; 2:10.

Salomo li kɔ kesinɔnuwo ɖi gleglegle, etu xɔ gãgãwo, etɔ abɔwo, ewɔ tsaɖiƒevewo, etu tsitawo eye subɔvi geɖewo nɔ esi. Nu sia nu si wòdi la, sua esi. Nu kae wòva kpɔ dze sii? Nu siwo wòkpɔ la na be dzi dzɔe, gake eƒe dzidzɔkpɔkpɔa menɔ anyi eteƒe didi o. Egblɔ be: “Kpɔ ɖa, tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye, eye viɖe aɖeke mele ɣe la te o.” (Nyagblɔla 2:11, 17, 18) Ɛ̃, Salomo va kpɔe dze sii be ɖeko agbe bliba ɖuɖu nana ame va sena le eɖokui me be yeɖi gbɔlo hedagba ɖe yame. *

Ðe egbegbe ƒe numekukuwo ɖo kpe blemanunya sia dzia? Magazine aɖe me nyati aɖe gblɔ be: “Ne ame nya kpɔ ga si tea ŋu kpɔa eƒe agbemenuhiahiã veviwo gbɔ nɛ ko la, ga bubu siwo wòkpɔna ɖe ema dzi menana wòkpɔa dzidzɔ wu o.” (Journal of Happiness Studies) Le nyateƒe me la, numekukuwo ɖee fia be ne ame ti ŋutilãmenuwo yome ale gbegbe be megatsia dzi ɖe agbe nyui nɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ŋu o la, agblẽ eƒe dzidzɔkpɔkpɔ me.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me, eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.”Hebritɔwo 13:5.

2. TSRI ŊUBIABIÃ

Woɖe ŋubiabiã gɔme be enye “dzikudodo ɖe nu siwo su amewo si ta ahadi vevie be nu nyui mawo ke nasu ye hã ye si.” Abe ale si ko dɔ vɔ̃ gblẽa nu la, ŋubiabiã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi ahagblẽ eƒe dzidzɔkpɔkpɔ me keŋ. Aleke wòate ŋu adzɔe be ame nava zu ŋubiãla? Aleke míawɔ anya ne míenye ŋubiãlawo? Eye aleke míawɔ aɖu nɔnɔme sia dzi?

Numekugbalẽ aɖe (Encyclopedia of Social Psychology) gblɔ be amewo biãa ŋu ame siwo sɔ kpli wo, ate ŋu anye ɖe woƒe ƒexɔxɔ, nuteƒekpɔkpɔ alo ƒome si me wodzɔ tso ta. Le kpɔɖeŋu me, nudzrala mabiã ŋu film-wɔla xɔŋkɔ o. Gake ate ŋu abiã ŋu nudzrala si kpɔ dzidzedze wui ya.

Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi: Persia-dziɖuɖumegã aɖewo meʋã ŋu fia la o, ke boŋ wo hati dziɖuɖumegã tagbɔɖaɖɛtɔ aɖe si ŋkɔe nye Daniel ye woʋã ŋui. Ŋutsu siawo do dziku ɖe Daniel ŋu ale gbegbe be woɖo nugbe gɔ̃ hã be yewoawui! Gake woƒe nugbeɖoɖoa medze edzi o. (Daniel 6:2-25) Numekugbalẽ si míeyɔ va yi la gblɔ be: “Ele vevie be  míanyae be ŋubiabiã nana míeléa fu amewo. Eye fuléle sia na míese nu si tae wogblɔ be ŋubiabiã na ame geɖewo dze wo haviwo dzi le ŋutinya me la gɔme.” *

Ŋubiabiã nana be ame megatea ŋu sea vivi na agbemenu nyuiwo o

Aleke nàte ŋu akpɔ ŋubiabiã adze sii? Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mekpɔa dzidzɔ alo léa blanui ne hanyeti aɖe kpɔ dzidzedzea? Ne nɔvinye, nye sukuhati alo dɔwɔhati aɖe mekpɔ dzidzedze le nane me o la, ɖe wòtena ɖe dzinye alo ɖe wònyea dzidzɔ nama?’ Ne èɖo eŋu be “meléa blanui” alo “enyea dzidzɔ nam” la, ekema anɔ eme be èbiãa ŋu amewo. (1 Mose 26:12-14) Numekugbalẽ si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la ke gblɔ be “ŋubiabiã nana be ame megatea ŋu sea vivi na agbemenu nyuiwo o, eye megakpɔa ŋudzedze ɖe nu nyui gbogbo siwo sua esi le agbe me la ŋu o. . . . Asesẽ ŋutɔ be ame siwo si nɔnɔme mawo tɔgbi le nakpɔ dzidzɔ vavã.”

Míate ŋu aɖu ŋubiabiã ƒe nɔnɔmea dzi ne míetu ɖokuibɔbɔ ɖo. Ðokuibɔbɔ kpena ɖe mía ŋu míekpɔa ŋudzedze ɖe ame bubuwo ƒe ŋutete kple woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu hedea asixɔxɔ wo ŋu. Biblia gblɔ be: “Miagawɔ naneke le dzrehehe ta alo le ɖokuiŋububu akpa ta o, ke boŋ miatsɔ ɖokuibɔbɔ abu ame bubuwo be wonye gã wu mi.”Filipitɔwo 2:3.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Migana míazu ame siwo dia bubu dzodzro, ʋlia ho kple wo nɔewo, biãa ŋu wo nɔewo o.”Galatiatɔwo 5:26.

3. LƆ̃ AMEWO

Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ale si amewo sena le wo ɖokui me ku ɖe ƒomedodo si le wo kple amewo dome ŋu la kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe woƒe dzidzemekpɔkpɔ dzi wu ŋusẽ si woƒe dɔwɔɖui, ga si wokpɔna, nutoa me tɔwo alo woƒe lãmesẽnyawo kpɔna ɖe edzii.” (Social Psychology) Kpuie ko la, ehiã be amegbetɔwo nalɔ̃ ame bubuwo eye woalɔ̃ woawo hã hafi woate ŋu akpɔ dzidzɔ vavã. Biblia-ŋlɔla aɖe gblɔ be: ‘Ne lɔlɔ̃ mele asinye o la, nyemenye naneke o.’1 Korintotɔwo 13:2.

Ne míelɔ̃a ame o la, míate ŋu asrɔ̃e fifia. Le kpɔɖeŋu me, Vanessa fofo mua aha hesẽa ŋuta hã. Esi Vanessa xɔ ƒe 14 la, esi le aƒe me yi ɖatsi ƒome vovovowo gbɔ, eyi ɖatsi amemanɔsitɔwo dzi kpɔƒe madeamedzi aɖe gɔ̃ hã. Egblɔ be esi yenɔ afi ma la, yedo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu. Eye ɖewohĩ abe eƒe gbedodoɖa ƒe ŋuɖoɖo ene la, wona wòyi ɖanɔ ƒome aɖe si nɔa agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiame si nye be “lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu” nu la gbɔ. (1 Korintotɔwo 13:4) Ƒome sia gbɔ nɔnɔ kple nu siwo Vanessa ŋutɔ va srɔ̃ le Biblia me kpe ɖe eŋu wòɖu seselelãmekuxiwo dzi eye eƒe tagbɔ va kɔ. Egblɔ be: “Meva kpɔ dzidzedze le agbalẽsɔsrɔ̃ me ŋutɔ.”

Nu siwo me Vanessa to la kpɔtɔ ɖea fu nɛ. Ke hã, enye srɔ̃tɔ si le dzidzɔ kpɔm fifia eye wòdzi nyɔnuvi eve.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.”Kolosetɔwo 3:14.

 4. SRƆ̃ ALE SI NÀNƆ TE ÐE KUXIWO NU

Ame ka ŋue kuxi aɖeke mele o? Abe ale si Biblia gblɔe ene la, “avifaɣi li,” eye “konyifaɣi li.” (Nyagblɔla 3:4) Dzidodo kpena ɖe mía ŋu míetea ŋu toa kuxiwo me eye míegayia míaƒe agbenɔnɔ dzi abe ɖe naneke mele fu ɖem na mí o ene. Bu Carol kple Mildred ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ŋu kpɔ.

Carol le dzimeƒudɔ, suklidɔ, gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me dɔ lém, eye ŋkudɔléle aɖe hã na be eƒe miameŋku tsi. Ke hã, egblɔ be: “Medzea agbagba be dzi nagaɖe le ƒonye hena ɣeyiɣi didi o. Nye nu wɔa nublanui na ɖokuinye. Gake meɖea susu ɖa le nye vevesesewo dzi eye medaa akpe na Mawu ɖe nu siwo megatea ŋu wɔna fifia, vevietɔ na ame bubuwo ta.”

Dɔléle geɖewo le fu ɖem na Mildred hã. Wo dometɔ aɖewoe nye ŋuɖui ƒomevi aɖe, nomekansa kple suklidɔ. Gake abe Carol ene la, eya hã dzea agbagba ɖea susu ɖa le eƒe kuxiwo ŋu. Eŋlɔ bena: “Mesrɔ̃ ale si malɔ̃ amewo kple ale si mafa akɔ na ame siwo le dɔ lém, eye esia faa akɔ na nye ŋutɔ hã. Le nyateƒe me la, mekpɔe be ne mele akɔ fam na amewo la, enana nyemegatsia dzi ɖe ɖokuinye ŋu o.”

Akɔfafa na ame bubuwo nana Carol kple Mildred kpɔa dzidzɔ

Togbɔ be nyɔnu eve siawo dina be woawɔ atike nyuitɔ na yewo hã la, wometsɔa susu ɖoa woƒe dɔléleawo ŋu o, ke woawo ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ kple ale si wozãa woƒe ɣeyiɣiawo boŋ ŋue woƒe susu nɔna. Esia wɔe be wokpɔa dzidzɔ ememetɔ si ame aɖeke mate ŋu axɔ le wo si o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amewo lɔ̃a wo vevie eye wonyea akɔfafatsoƒe na ame siwo le nɔnɔme sesẽ vovovowo me tom.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Dzidzɔtɔe nye ame si doa dzi le tetekpɔ me, elabena ne wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la, axɔ agbefiakuku la.”Yakobo 1:12.

Biblia me nunya nyea ‘agbeti na ame siwo lée ɖe asi, eye woayra ame si vàe goŋgoŋ la’ le esi wòtsɔe de dɔwɔna me ta. (Lododowo 3:13-18) Ðe màdi be yeakpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye to Biblia me nunya tsɔtsɔ de dɔwɔna me me oa? Nyateƒeae nye be, agbalẽ kɔkɔe sia Ŋlɔla si woyɔ be “Mawu dzidzɔtɔ” la di be wò hã nàkpɔ dzidzɔ.1 Timoteo 1:11.

^ mm. 17 Ŋutinyamenudzɔdzɔ siawo dometɔ ɖeka ku ɖe Yesu Kristo ŋu. Marko 15:10 gblɔ be “ŋuʋaʋã tae nunɔlawo ƒe tatɔwo” de Yesu asi wòwu.