Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI

Nyatakakadzraɖoƒe Aɖe Si Le Wò Lãmenugbagbeviwo Me!

Nyatakakadzraɖoƒe Aɖe Si Le Wò Lãmenugbagbeviwo Me!

LE ƑE 1953 me la, nugbagbeŋutinunyala, James Watson kple Francis Crick ta numekuku aɖe si ŋu woke ɖo ku ɖe nu gbagbewo ŋu la ɖe agbalẽ me si dzi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nɔ te ɖo va se nu geɖe gɔme tso agbe ŋu. Woke ɖe nu gɔdɔ̃gɔdɔ̃ aɖe si le abe aŋutsrɔe ene, si nye DNA alo ADN (domenyiŋusẽfianu) ŋu. * Nu gɔdɔ̃gɔdɔ̃ sia le lãmenugbagbeviwo to me ɖaa, eye afi mae nyatakakawo le, alo “woŋlɔ” wo ɖo, esiae nye nyatakakadzraɖoƒe si le lãmenugbagbeviwo me. Nu wɔnuku sia si ŋu woke ɖo la gade dzo yeye nusɔsrɔ̃ tso nu gbagbewo ŋu me! Gake nu ka tae wòhiã be nyatakakadzraɖoƒe nanɔ lãmenugbagbeviwo me? Eye aleke wòdzɔe be wova le afi ma?

NU KA TAE LÃMENUGBAGBEVIWO HIÃ NYATAKAKAWO?

Ðe nèbia ɖokuiwò kpɔ be nu kae nana nuku wɔna va zua ati, alo aleke ŋutsu ƒe tsi kple nyɔnu ƒe azi wɔna va zua amegbetɔ? Ðe nèbia kpɔ be, aleke wòdzɔe be míenyia nɔnɔme aɖewo dome tso mía dzilawo gbɔ? Nya ma ƒe ŋuɖoɖo nɔ te ɖe nyatakaka siwo le DNA me la dzi.

DNA si le abe aŋutsrɔe didi gɔdɔ̃gɔdɔ̃ ene la le lãmenugbagbevi ɖe sia ɖe kloe me. Le DNA si le abe aŋutsrɔe si le amegbetɔwo me la, dometsotsowo le eme keŋ, eye esiawo ƒe xexlẽme ade biliɔn etɔ̃ kloe. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be dometsotso siawo zɔna eveve elabena lãmetsi ƒomevi eve aɖewoe ƒoa ƒu wɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe si wɔe be dometsotsoawo va nɔa ene. Wozãa Eŋlisigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo nye A, C, G kple T wònɔa tsitre ɖi na woƒe yɔyɔ kpuie. * Aƒetɔ Crick do susu ɖa le ƒe 1957 me be dometsotso siawo siwo nye lãmetsi mee nyatakakawo nɔna. Nu geɖe me va kɔ tso esia ŋu le ƒe 1960-awo me.

Mɔ vovovowo li si dzi wotona dzraa nyatakakawo abe fotowo, gbeɖiɖiwo, alo nuŋɔŋlɔwo ene ɖo hena zazã emegbe. Le kpɔɖeŋu me, kɔmpiuta dzraa nyatakakawo ɖo wonɔa xexlẽdzesi ƒe nɔnɔme me hafi zãna. Lãmenugbagbeviwo hã dzraa nyatakakawo ɖo wonɔa tsi ƒe nɔnɔme me hafi wozãna, eye DNA la me koŋue esiawo yia edzi le. Ne lãmenugbagbeviwo le mamam hele ŋutinuwo zum la, DNA si le eme la ɖoa nyatakaka siwo hiã ɖa. Esia wɔnɛ be nu gbagbeviwo tsɔa ame alo nu si me wodo tso ƒe dzedzeme kple nɔnɔme.

Aleke lãmenugbagbeviwo zãa nyatakakawo tsɔ wɔa dɔe? Mina míatsɔ DNA la abe mɔfiame aɖe si woŋlɔ eme kɔ nyuie si dzi woazɔ ɖo amè abolo ene. Ne wozɔ ɖe mɔfiamea dzi la, nu si ado tso emee nye abolo, le DNA ya gome la, le nyatakaka si tɔgbi ŋu dɔ wɔm wòle nu la, nu si ado go tso eme ate ŋu anye nane abe fetri alo nyi ene. Gake le lãmenugbagbeviwo ya gome la, woawo ŋutɔwoe wɔa dɔ le wo ɖokui si, si wɔe be wonye nu wɔnuku si gɔme sese goglo.

Nyatakaka si le nugbagbevi sue (bacterial) me la ate ŋu axɔ agbalẽ si ƒe axawo ade 1,000

Nyatakakawo nɔa nyatakakadzraɖoƒea va se ɖe esime wohiã wo, ɖewohĩ ne woaɖɔli lãmenugbagbevi siwo gblẽ kple yeyewo alo be nu gbagbe siwo woadzi la nanyi nɔnɔme aɖe dome tso wo dzilawo gbɔ ko hafi. Nyatakaka agbɔsɔsɔ ka gbegbee le DNA la me? Na míade ŋugble tso nugbagbevi suetɔ kekeakewo dometɔ ɖeka si nye bacteria (bactérie) ŋu kpɔ. Germanytɔ Bernd-Olaf Küppers si nye dzɔdzɔmeŋutinunyala gblɔ be: “Be míate ŋu ase egɔme bɔbɔe la, nyatakaka agbɔsɔsɔ si le nu gbagbevi sue ma ƒe lãmenugbagbevi me la ate ŋu axɔ agbalẽ si ƒe axawo ade akpe ɖeka.” Nufialagã David Deamer gblɔ be: “Nu gbagbevi suetɔ kekeake gɔ̃ hã ƒe wɔwɔme wɔ nuku ale gbegbe.” Ke nyatakaka agbɔsɔsɔ ka gbegbee le amegbetɔ ƒe DNA me? Aƒetɔ Küppers yi edzi be: “Anye agbalẽ akpe geɖe siwo ayɔ agbalẽdzraɖoƒe gã aɖe.”

“WOŊLƆ WO WOLE BƆBƆE BE MÍATE ŊU ASE WO GƆME”

Aƒetɔ Küppers gblɔ be menye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔe nuŋlɔɖi siwo wogblɔ be wole DNA me la nye o. Egblɔ kpee be, “nuŋlɔɖiawo le abe gbegbɔgblɔ siwo amewo dona ene.” Ne míagblɔe kpuie la, “gbeŋutisewo” alo sewo le DNA hã si si dzi wòzɔna ɖo si nana wòtea ŋu nyana nu si tututu mɔfiamewo fia hafi wòzɔna ɖe wo dzi.

Nuŋlɔɖi siwo le DNA la me lae nye se siwo fiaa mɔ lãmenugbagbeviawo le ŋutinu vovovo siwo va ƒoa ƒu wɔa ameti blibo la wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, nuŋlɔɖia tea ŋu fiaa ale si woawɔ lãmenugbagbevi siwo awɔ ƒuwo, lãmekawo, ahɔhɔ̃mekawo kple ŋutigbalẽa. Nɔnɔmetɔtrɔŋutinunyala Matt Ridley gblɔ be: “Nyatakaka siwo le DNA la me la sɔ kple eƒe ŋɔŋlɔdzesi. Ewɔ nuku ŋutɔ be mɔfiame kple sewo le DNA la si si dzi wòzɔna ɖo alea, gake woŋlɔ wo wole bɔbɔe be míate ŋu ase wo gɔme.”

Biblia ŋlɔla David gblɔ le gbedodoɖa me na Mawu be: “Wò ŋkuwo kpɔm esime menye ʋukɔe; eye woŋlɔ eŋu nuwo katã ɖe wò agbalẽ me.” (Psalmo 139:16) Ɛ̃, David ƒe nya siawo nye hakpanyawo. Ke hã, nyateƒe tututu wòto abe ale si wòle le Biblia ŋlɔla bubuwo hã gome ene. Xotutu siwo nɔ anyi ɣemaɣi kple blematɔ bubuwo ƒe gliwo mekpɔ ŋusẽ ɖe Biblia ŋlɔlawo dzi le mɔ suetɔ kekeake gɔ̃ hã nu o.—2 Samuel 23:1, 2; 2 Timoteo 3:16.

Aleke wòdzɔna be ɖeviwo nyia nɔnɔme aɖewo dome tso wo dzilawo gbɔ?

ALEKE WÒDZƆE BE NUŊLƆÐI MAWO VA LE DNA ME?

Abe ale si wònɔna zi geɖe ene la, ne dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔ numekuku se nane gɔme la, wonɔa te ɖe edzi wɔa numekuku bubuwo ganyaa nu geɖe. Alea tututue wòdzɔe hafi wova nya nu geɖe tso DNA la ŋu. Esi wova nya be nyatakakawo le DNA me la, ame siwo bua nu ŋu nyuie biana be: ‘Aleke wòdzɔe be nuŋlɔɖi mawo va le afi ma?’ Nyateƒeae nye be ame aɖeke menɔ eteƒe esi wowɔ DNA gbãtɔ o. Eya ta mía ŋutɔwoe aƒo nya ta ne ɖe wòdzɔ le eɖokui si loo alo ame aɖee wɔe. Ke hã ele be kpeɖodzi sẽŋu nanɔ míaƒe nyataƒoƒowo ŋu. Na míakpɔ esia ŋuti kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

  • Le ƒe 1999 me la, woke ɖe blemaze kakɛ aɖewo siwo dzi nuŋɔŋlɔ kple dzesi aɖewo siwo mebɔ o le la ŋu le Pakistan. Va se ɖe egbea la, womenya nu si dzesi mawo fia o. Gake wonya kokoko be amegbetɔ aɖee ŋlɔe.

  • Esi Watson kple Crick ke ɖe ale si tututu DNA la le ŋu le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, dzɔdzɔmeŋutinunyala eve aɖewo do susua ɖa be yewoaku nu me kpɔ be yewoate ŋu ake ɖe ame bubuwo ŋu le yamenutowo me ahado ka kpli wo hã. Aleae wòdzɔe be wodze numekuku tso ɣemaɣi be woake ɖe amewo ŋu le ɣletinyigba bubuwo dzi gɔme.

Nu kae esia fia? Ne amewo ke ɖe nyatakakawo eɖanye dzesi siwo le anyinuwo ŋu, alo nyatakaka siwo tso yamenutowo me o ŋu la, wonyana be ame aɖee wɔe alo ame aɖe gbɔe wòtso. Mehiã be woakpɔ esia teƒe hafi alɔ ɖe edzi o. Gake esi wova ke ɖe nyatakakadzraɖoƒe wɔnuku si le DNA me ŋu la, ame geɖe gblɔna be menye ame aɖekee wɔe o. Ðe susu le nya ma mea? Ðe amewo katã da asi ɖe edzia? Ðe dzɔdzɔmeŋutinunya ate ŋu aɖo kpe edzia? Dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔ gbogbo aɖewo melɔ̃ ɖe edzi o. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Ðɔkta Gene Hwang kple Nufialagã Yan-Der Hsuuw. * Na míade ŋugble tso nya si wogblɔ ŋu kpɔ.

Ðɔkta Gene Hwang nye ame si srɔ̃a nu tso DNA ŋu. Tsã la, exɔ amedzɔtsolãme nufiafia dzi se, gake nu siwo ŋu wòva ke ɖo le eƒe numekukuwo me na wòtrɔ susu. Egblɔ na Nyɔ! talawo be, “Nusɔsrɔ̃ tso nyatakaka siwo le DNA me ŋu na meva se agbe gɔme ɖe edzi, si wɔe be nunya si gbegbe le Wɔlaa si la wɔa nuku nam.”

Nufialagã Yan-Der Hsuuw nye ame si kpɔa numekuku si wowɔna tso fugboewo ŋu dzi le Taiwantɔwo ƒe yunivɛsiti aɖe me. Tsã la, eya hã xɔ amedzɔtsolãme nufiafia dzi se. Gake nu siwo ŋu wòva ke ɖo le eƒe nusɔsrɔ̃wo me na wòtrɔ susu. Egblɔ tso lãmenugbagbeviwo ƒe mama kple dɔ vovovo siwo wowɔna ŋu be: “Ele be woanye lãmenugbagbevi siwo tututu hiã, woanɔ ɖoɖo nu eye woayi aɖawɔ nu si tututu wòle be woawɔ. Gbã la, wozua ʋukɔe, emegbe ŋutinu vovovoawo dona. Ðe aɖaŋudɔwɔla aɖe ate ŋu aku drɔ̃e be yeaŋlɔ mɔfiame siwo dzi nu siawo azɔ ɖo alea ɖia? Ke hã woŋlɔ ale si fugboe wɔna tsina la ɖe DNA la me pɛpɛpɛ. Ne mede ŋugble tso ale si nu siawo wɔa dɔ nukutɔe ŋu la, ena meva ka ɖe edzi be Mawu gbɔe agbe dzɔ tso.”

Gene Hwang (miame) kple Yan-Der Hsuuw

ÐE WÒHIÃ BE WOAGBLƆ BE MAWUE WƆEA?

Ɛ̃, ehiã! Elabena ne Mawue wɔ agbe la, ke eyae dze na eŋuti kafukafua, menye nɔnɔmetɔtrɔ o. (Nyaɖeɖefia 4:11) Azɔ hã ne Wɔla nyanu aɖee wɔ mí la, ekema susu aɖe tae wòwɔ mí ɖo. Ne ɖe agbe dzɔ le eɖokui si la, anye tameɖoɖo aɖeke manɔ agbe ŋu o. *

Ame siwo bua nuwo ŋu nyuie la dia ŋuɖoɖo na nyabiase siawo. Aƒetɔ Viktor Frankl si fia nu tso ahɔhɔ̃ ŋu kpɔ va yi gblɔ be, “Tameɖoɖo si le agbe ŋu lae nye nu vevitɔ si ŋu amegbetɔwo tsia dzi ɖo.” Ne míagblɔe bubui la, amegbetɔwo dina be yewoadze si ame si tututu Mawu nye, eye esia sɔ nenema ne míexɔe se be eyae wɔ mí. Gake ne Mawue wɔ mí nyateƒe la, ɖe wòna nu si akpe ɖe mía ŋu míadze sii la mía?

Yesu Kristo ɖo nya sia ŋu. Egblɔ be: “Menye abolo ɖeɖe ko nu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa [alo Mawu] ƒe nu me la hã nu.” (Mateo 4:4) Yehowa ƒe nya si woŋlɔ ɖe Biblia me la kpe ɖe ame miliɔn geɖewo ŋu wova kpɔ tameɖoɖo si le woƒe agbe ŋu, si na etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe va su wo si. (1 Tesalonikatɔwo 2:13) Neva eme be Biblia nakpe ɖe wò hã ŋuwò nenema ke. Asɔ be nàdi ɣeyiɣi adzro agbalẽ tɔxɛ sia me.

^ mm. 3 Aƒetɔ Watson kple Crick tu woƒe dɔwo ɖe numekuku siwo numekula bubuwo wɔ xoxo tso DNA ŋu la dzi.—Kpɔ aɖaka si nye “ DNA Ƒe Ŋutinya.

^ mm. 6 Ŋɔŋlɔdzesiawo le tsitre ɖi na adenine, cytosine, guanine, and thymine.

^ mm. 18 Àkpɔ dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo wobia gbee la le míaƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org/ee. Zi Dii dzi eye nàŋlɔ “gbebiabia dzɔdzɔmeŋutinunyalawo.”

^ mm. 22 Woɖo nyabiase siwo ku ɖe ɖe agbe dzɔ le eɖokui sia alo ɖe wowɔe ŋu tsitotsito le agbalẽ gbadza si nye The Origin of Life—Five Questions Worth Asking kple Was Life Created? (Cinq questions à se poser sur l’origine de la vie et La vie a-t-elle été créée ?) àkpɔe le www.mt711.com.