Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI

Susu Nyui Si Wòle Be Wòanɔ Ame Si Ðe Ga Ŋu

Susu Nyui Si Wòle Be Wòanɔ Ame Si Ðe Ga Ŋu

AMEWO gblɔna be, “Gae nye ame.” Nyateƒenya aɖe dze le nya ma me. Elabena gae míetsɔna ƒlea nuɖuɖu, awu, xea xɔfe loo alo tsɔ tua xɔe. Gaŋutinunyala aɖe gblɔ be: “Ga wɔa akpa vevi aɖe le amegbetɔwo ƒe agbe me, ne womagazã ga atsɔ aƒle nuwo azɔ o la, tɔtɔ gã aɖe ava, eye aʋa adzɔ le ɣleti ɖeka ko me.”

Ke hã, seɖoƒe li na nu si ga ate ŋu awɔ. Aƒetɔ Arne Garborg si nye Norwaytɔwo ƒe hakpanyaŋlɔla aɖe gblɔ be: “Ne ga le asiwò la, àte ŋu aƒle nuɖuɖu, ke menye nu si ana nuɖuɖu nadzro wò o; àte ŋu aƒle atike, ke menye lãmesẽ o; àte ŋu aƒle abati si dzi woɖo nu bɔbɔewo ɖo, ke menye alɔ̃dɔdɔ o; àte ŋu aƒle sidzedze, ke menye nunya o; àte ŋu aƒle nu siwo nya kpɔ, ke menye ɖekadzedze alo tugbedzedze o; àte ŋu aƒle atsyɔ̃, ke menye vividoɖeameŋu o; àte ŋu aƒle dzidzɔdonamenuwo, ke menye dzidzɔ o; àte ŋu aƒle xɔlɔ̃wo, ke menye xɔlɔ̃ vavãwo o; àte ŋu aƒle subɔviwo, ke menye nuteƒewɔwɔ o.”

Ne susu nyui le ame si ɖe ga ŋu la, abu ga be enye nu si akpe ɖe ye ŋu yeakpɔ yeƒe nuhiahiãwo gbɔ, ke eƒe taɖodzinu manye be yeazu gatɔ o, eye esia ana wòakpɔ dzidzeme le agbe me. Biblia xlɔ̃ nu be: “Nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃, eye esi ame aɖewo ti lɔlɔ̃ sia yome la . . . wotsɔ vevesese geɖe ŋɔ wo ɖokuiwo flofloflo.”—1 Timoteo 6:10.

De dzesii be galɔlɔ̃ ye hea vevesese vanɛ ke menye ga ŋutɔ o. Le nyateƒe me la, galɔlɔ̃ vivivo ate ŋu ade dzre xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo dome. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

Daniel: * “Tsã la, mebua xɔ̃nye Thomas be enye ame nyui si ɖia anukware. Nya aɖeke meɖo nye kpli dome kpɔ o va se ɖe esime medzra nye ʋu xoxoa nɛ. Menya be naneke megblẽ le ʋua ŋu o. Eya ta elɔ̃ míede asi agbalẽ te be yematrɔ ʋua vɛ nam ne nane va gblẽ le eŋu o. Ʋua va gblẽ le ɣleti etɔ̃ megbe. Thomas se le eɖokui me be metafa ye, eye wòdo dziku hegblɔ nam be matrɔ yeƒe ga na ye. Eƒe nuwɔnawo wɔ nuku nam ŋutɔ! Esi medi be maɖe nu me nɛ la, ɖeko wòdo dziku ɖe edzi hetsɔ dzre kpem. Esi ga ƒe nya va ɖo nye kplii dome la, meganye Thomas fatu si menya la azɔ o.”

Esin: “Nye kple Nesrim koe wodzi. Nye kplii dome nɔ nyuie, eye meva susu me nam kpɔ be ga ava gblẽ nye kplii dome o. Gake nu ma tututue va dzɔ. Hafi mía dzilawo naku la, wogblẽ domenyinu sue aɖe si nye ga ɖi na mí, eye woŋlɔe ɖi be míamae sɔsɔe. Gake nɔvinyenyɔnua medi be yeawɔ ɖe mía dzilawo ƒe didiawo dzi o, eye wòdi be yeaxɔ gaa ƒe akpa gãtɔ. Esi megbe hegblɔ be míawɔ ɖe mía dzilawo ƒe didia dzi la, edo dziku ɖe ŋunye vevie. Eye wòlém ɖe dɔme va se ɖe egbe.”

GA KPLE NAZÃBUBU

Susu gbegblẽ si anɔ ame si ɖe ga ŋu ate ŋu awɔe be wòanɔ nazã bum ɖe ame bubuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, gatɔwo ate ŋu asusu be kuviawɔwɔ gbɔe wòtso be ame dahewo ɖo ko. Eye ame siwo si ga mele o hã ate ŋu aƒo nya ta bɔbɔe be gatɔwo tia ŋutilãmenuwo yome loo alo wonye ŋuklẽlawo. Leanne nye ƒewuivi si tso ƒome aɖe si dzi nu de la me, eye amewo bua nazã ɖe eŋu nenema. Egblɔ be:

Aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe ga ŋu la wɔa dɔ egbea abe ale si wònɔ le ɣeyiɣi si me woŋlɔe la ene

“Amewo buam be gatɔe fofonye nye. Eye amewo gblɔna nam zi geɖe be: ‘Wò ya ne nane hiã wò la ɖeko nàbia fofowò ko wò asi kae,’ alo ‘Míeɖe kuku ga mele míawo ya si míaƒle ʋu gawo abe ƒomea ene o.’ Meva gblɔ na xɔ̃nyewo mlɔeba be woadzudzɔ nya mawo gbɔgblɔ, eye meɖe eme na wo be woƒe nya mawo tena ɖe dzinye. Nyemedi be woanyam be menye gatɔ o, ke boŋ ame si nyoa dɔme na amewo.”

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia metsi tsitre ɖe ga ŋu loo alo ƒo nu tsi tre ɖe ame siwo si ga geɖe le la ŋu o. Nyateƒeae nye be menye ga agbɔsɔsɔ si le ame sie nye nyaa o, ke boŋ nɔnɔme si anɔ ame si ɖe ga ŋu alo ga si gbegbe ame adi be wòasu ye sie nye nyaa. Biblia ɖo aɖaŋu si sɔ ku ɖe ga ŋu, eye aɖaŋuɖoɖo ma wɔa dɔ egbea abe ale si wònɔ le ɣeyiɣi si me woŋlɔe ene. Bu kpɔɖeŋu siwo gbɔna ŋu kpɔ.

BIBLIA GBLƆ BE: “Mèganɔ hloloe tsom atraɖii be yeakpɔ kesinɔnu o.”—Lododowo 23:4.

Agbalẽ aɖe si nye Ðokuiŋudzedze Si Xɔ Aƒe Ðe Afi Sia Afi (si le Eŋlisigbe me) gblɔ be: “Ele bɔbɔe be tagbɔdɔ naɖe fu na ame siwo tia ga yome, eye woléa dɔ geɖewo abe vemewɔabi, dzimevee kple taɖuame ene, eye ele bɔbɔe hã be woaƒo wo ɖokuiwo ɖe aha geɖe nono kple atike vɔ̃ɖiwo zazã me. Edze kɔtɛ be agbagbadzedze be woazu gatɔ naa ame va zua nublanuitɔ boŋ.”

BIBLIA GBLƆ BE: “Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me, eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.”—Hebritɔwo 13:5.

Ame si kpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo le esi ŋu kura gɔ̃ hã ate ŋu atsi dzimaɖi ɖe ga ŋu ɣeaɖewoɣi, ke hã enya nu siwo le vevie wu le agbe me si wɔe be metsia dzimaɖi fũu akpa o. Le kpɔɖeŋu me, ne ga dome gblẽ nɛ la, mawɔ nu alo afa konyi wòagbɔ eme o. Ke boŋ adze agbagba asrɔ̃ apostolo Paulo ƒe nɔnɔme, ame si gblɔ be: “Menya ale si nu hiãa ame, eye menya ale si nu bɔna ɖe ame si. Le nu sia nu kple nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, mesrɔ̃ nu ɣaɣla sia be, manya ale si woɖia ƒo kple ale si dɔ wua ame, ale si nu bɔna ɖe ame si kple ale si nu hiãa ame.”—Filipitɔwo 4:12.

BIBLIA GBLƆ BE: “Ame si le dzi ɖom ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu la adze anyi.”—Lododowo 11:28.

Numekulawo de dzesii be ga koŋue hea dzre dea srɔ̃tɔwo dome si nana be wova gbea wo nɔewo. Gakuxiwo hã nye nu siwo ta amewo wua wo ɖokuiwo ɖo la dometɔ ɖeka. Le ame aɖewo gome la, ga le vevie na wo wu srɔ̃ɖetam si woka, alo ele vevie na wo wu woƒe agbe kura gɔ̃ hã! To vovo na ema la, ame siwo si susu nyui le ɖe ga ŋu medaa woƒe mɔkpɔkpɔ ɖe ga dzi o. Ke boŋ wokpɔa nunya si le Yesu ƒe nya siawo me la dzea sii. Egblɔ be: “Ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, nu siawo mana agbee o.”—Luka 12:15.

ALEKE NÈBUA GAE?

Ðokuimedzodzro nyuie ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si wòhiãe be susu nyui nanɔ asiwò ɖe ga ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò.

  • Ðe wòdzroam be mage ɖe mazu-kesinɔtɔ-kaba ƒe ɖoɖowo mea?

  • Ðe wòsesẽna nam be maʋu asime faa ana ga amewoa?

  • Ame siwo lɔ̃a nuƒoƒo tso ga kple nu siwo le wo si ŋu ye medina be madze xɔ̃e?

  • Ðe medaa alakpa alo toa mɔ manyomanyo bubuwo dzi be makpɔ gaa?

  • Ðe ga naa mesena le ɖokuinye me be menye ame ŋkutaa?

  • Ðe menɔa ga ŋu bum ɣesiaɣia?

  • Ðe nɔnɔme si le asinye ɖe ga ŋu la le nu gblẽm le nye lãmesẽ kple nye ƒomegbenɔnɔ ŋua?

    Nyo dɔme na amewo nàna nu wo faa

Ne èɖo nyabiase siawo dometɔ aɖe ŋu be ɛ̃ la, ekema dze agbagba ɖe sia ɖe nàgbe nu le ŋutilãmenudidi ƒe susu kple eŋuti tetekpɔwo gbɔ. Ƒo asa na hadede kple ame siwo tsɔ ga kple nunɔamesiwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Ke boŋ de ha kple ame siwo léa agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi.

Mègaɖe mɔ galɔlɔ̃ naƒo ke ɖe to le wò dzi me o. Ke boŋ susu nyui nènɔ asiwò ɖe ga ŋu, eye nàna xɔ̃wòwo, wò ƒomea, wò seselelãme kple wò lãmesẽ me nɔnɔ nanɔ vevie na wò wu ga. Ne èwɔ nu alea la, efia be susu nyui le asiwò ɖe ga ŋu.

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.