Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Siwo Mekpɔa Nu O

Ame Siwo Mekpɔa Nu O

“Esime wodzim la, ŋkutike sesẽ aɖe si wokɔ ɖe ŋku dzi nam wɔe be nyemekpɔa nu nyuie o. Le nye ƒewuiwo me la, nye ŋku va tsi kura eye esia na blanuiléledɔ sesẽ aɖe hã va dze dzinye.”—Paqui si nye nyɔnu si le eƒe ƒe 50-awo me, eye srɔ̃a hã nye ŋkunɔ.

Ŋkutsitsi alo numakpɔmakpɔ nyuie ate ŋu atso nu geɖe gbɔ, esiawo dometɔ aɖewoe nye dɔléle kple nuveviwɔame. Nu siawo ate ŋu agblẽ nu le ŋkua, ŋkukawo alo ahɔhɔ̃a ŋu. Zi geɖe la, ame siwo mekpɔa nu nyuie o alo tsi ŋku la mexɔnɛ sena o, woxaa nu eye vɔvɔ̃ léa wo. Gake wo dometɔ geɖe dzea agbagba nɔa te ɖe enu nyuie, eye esia nana wonɔa agbe si me dzidzeme le.

Míaƒe ŋkuwo koŋ dzie míetona nyaa nu siwo le edzi yim ƒo xlã mí. Eya ta ne ame tsi ŋku la, sidzenu bubu siwo nye nusese, nuʋeʋẽse, asikakanuŋu kple nuɖɔɖɔkpɔ dzi koŋue wònɔa te ɖo nyaa nu siwo le edzi yim.

Magazine aɖe (Scientific American) gblɔ be numekuku si wowɔ tso kadodo si le ŋkua kple ahɔhɔ̃a dome ŋu ɖee fia be ŋutete “le ahɔhɔ̃a ŋu be wòatrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu.” Numekukua yi edzi be: Kpeɖodzi gbogbo aɖewo li siwo ɖee fia be ne ahɔhɔ̃a mele nyatakaka xɔm tso sidzenu aɖe gbɔ o la, ŋutete le ahɔhɔ̃a ŋu be wòagbugbɔ atrɔ asi le nuwo ŋu be sidzenu bubuawo nawɔ dɔ ɖe esi mele dɔ wɔm o la nu. De ŋugble tso eƒe kpɔɖeŋu siwo gbɔna la ŋu kpɔ.

Nusese: Ne amewo se gbeɖiɖiwo kple afɔziwo la, wotea ŋu kpɔa nu si le dzɔdzɔm la le susu me. Fernando si nye ŋkunɔ la gblɔ be, “mesrɔ̃ ale si maɖo ŋku amewo dzi ahade dzesi wo to woƒe gbe alo woƒe afɔziwo dzi.” Juan si hã nye ŋkunɔ gblɔ be: “Amewo ƒe gbee ŋkunɔwo tsɔ dea dzesi wo.” Abe ale si wòle le mí katã gome ene la, ŋkunɔwo tea ŋu dea dzesi ale si amewo le sesem le wo ɖokuiwo me le woƒe nuƒoƒo me.

Ŋkunɔwo ƒe to nɔa nu vovovo siwo yia edzi le nutoa me ŋu nyuie, si nana wòtea ŋu dea dzesi afi si amewo sɔ gbɔ le, ne xɔ aɖe me lolo alo le sue, kple ne mɔxenu le afi aɖe.

Nuʋeʋẽse: Nuʋeʋẽse ate ŋu akpe ɖe ŋkunɔwo ŋu woanya nu geɖe siwo le edzi yim ƒo xlã wo, gake menye ʋeʋẽ lililiwo ko o. Le kpɔɖeŋu me ne ŋkunɔ aɖe le mɔ aɖe dzi zɔm la, ʋeʋẽ siwo sem wòle la ate ŋu akpe ɖe eŋu wòakpɔ afi si nuwo abe kɔfidzraƒe, nuɖuɖudzraƒe, asime kple bubuawo ene le le mɔa dzi le susu me. Gbeɖiɖi nyanyɛ siwo sem wòle hã kpena ɖe eŋu wòkpɔa nu siwo le dzɔdzɔm la le susu me, abe ale si asikaka nuwo ŋu hã kpena ɖe wo ŋu wonyaa nu geɖe ene.

Asikakanuŋu: Francisco gblɔ be, “nye asibidɛwoe nye nye ŋkuwo.” Ati si meléna ɖe asi kpena ɖe ŋunye menyana afi si “ŋku” sia ate ŋu akpɔ nu ase ɖo. Manasés si ƒe ŋkuwo tsi hafi wodzi, eye wòsrɔ̃ ale si wòatsɔ ati akpɔ nui tso ɖevime ke gblɔ be: “Nye susu kple sidzenu bubuawo kpakple ale si wotrɔ asi le mɔdodowo ƒe akpa si amewo tona ŋu la kpena ɖe ŋunye be menyana afi si tututu zɔm mele.”

Ame aɖe le Gbetakpɔxɔ si wota na ŋkunɔwo xlẽm

Asikakanuŋu tea nu kpena ɖe ŋkunɔ geɖe ŋu wotea ŋu xlẽa agbalẽ siwo wota na wo. Egbea la, nu gbogbo aɖewo li siwo akpe ɖe ŋkunɔwo ŋu woate ŋu asrɔ̃ nu be woaɖi kɔ na woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo. Tsɔ kpe ɖe ŋkunɔwo ƒe agbalẽwo ŋu la, nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi kple kɔmpiuta dzi ɖoɖo bubuwo hã li na ŋkunɔwo. Nu siawo kpena ɖe ŋkunɔwo ŋu woxlẽa Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ vovovowo. *

Agbalẽ mawo siwo ɖe Biblia ƒe nufiafiawo me faa akɔ na Paqui kple srɔ̃a, ame siwo ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea me la ale gbegbe eye wòna mɔkpɔkpɔ va su wo si le agbe me. Gbɔgbɔmeƒome gã aɖe si nye Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le wo gbɔ la kpena ɖe wo ŋu. Paqui gblɔ be: “Fifia míetea ŋu wɔa nu geɖewo le mía ɖokui si ale si míate ŋui.

Nyateƒee wònye be ne ame ƒe ŋku tsi la nuwo manɔ bɔbɔe nɛ o. Gake kpeɖodziwo ɖee fia be ŋkunɔwo tea ŋu trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu henɔa te ɖe enu si wɔnɛ be wometsia dzi fũu le agbe me o.

^ mm. 10 Yehowa Ðasefowo ta ŋkunɔwo ƒe agbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 25 me.