Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woxlẽ Blemagbalẽ Xatsaxatsa Aɖe Si Womate Ŋu Ake Bɔbɔe O

Woxlẽ Blemagbalẽ Xatsaxatsa Aɖe Si Womate Ŋu Ake Bɔbɔe O

Tso esime woke ɖe Ein Gedi ƒe agbalẽ kakɛ si dzo fiã la ŋu le ƒe 1970 me la, womete ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ siwo le edzi o. Mɔ̃ɖaŋununya si woyɔna be 3-D la va ɖee fia be Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia ƒe akpa aɖee le agbalẽ xatsaxatsa sia dzi, eye Mawu ƒe ŋkɔa hã dze le eme

LE ƑE 1970 me la, tomenukulawo ke ɖe agbalẽ xatsaxatsa aɖe si dzo fiã la ŋu le Ein Gedi, le Israel, afi si te ɖe Ƒu Kukua ƒe ƒuta ŋu le ɣetoɖoƒe gome. Woke ɖe agbalẽ xatsaxatsa la ŋu esi wonɔ Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe si dzo bi le kɔƒe aɖe si wotsrɔ̃, ɖewohĩ, le ƒe alafa adelia Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) lɔƒo me, la ƒe tomenuwo kum. Le ale si agbalẽ xatsaxatsaa fiãe ta la, esesẽ ŋutɔ be woaxlẽ nuŋɔŋlɔ si le edzi; eye ne wodi be woakee hã la, avuvu godoo. Ke hã, akpe be wova zã mɔ̃ɖaŋununya deŋgɔ si woyɔna be 3-D tsɔ ke agbalẽ xatsaxatsa sia ƒe foto si le kɔmpiuta dzi. Eye to kɔmpiuta dɔwɔɖoɖo yeye aɖe si nana wotea ŋu kpɔa nuwo ƒe nɔnɔme dzea sii nyuie dzi la, wote ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ siwo le agbalẽa dzi.

Nu kae esia ɖe fia? Wova kpɔe be, sigbeɖe Biblia me nyawoe le agbalẽ xatsaxatsa kakɛ la dzi. Nu siwo le agbalẽ kakɛ sia si nyi keŋkeŋ kloe la dzie nye mawunyakpukpui aɖewo siwo dze le Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia ƒe gɔmedzedze. Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔae la dze le mawunyakpukpui siawo me. Akɔntabubu ɖee fia be, ƒe alafa gbãtɔ K.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo kple ƒe alafa enelia K.Ŋ. domedomee woanya ŋlɔ agbalẽ xatsaxatsa sia, eye agbalẽ xatsaxatsa sia va nye Hebrigbe me Biblia ƒe agbalẽ xatsaxatsa xoxotɔ kekeake si ŋu woke ɖo tso esime woke ɖe Qumran asinuŋɔŋlɔgbalẽa ŋu. Aƒetɔ Gil Zohar ŋlɔ ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ xɔŋkɔ aɖe me be: “Hafi woava to mɔ̃ɖaŋununya deŋgɔ dzi axlẽ Ein Gedi ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ si dzi Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me nyawo le la, ƒe 1,000 sɔŋ ye tso Biblia ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ kekeake eve siwo ŋu woke ɖo xoxo, siwo nye, Ƒukukua Ƒe Agbalẽxatsaxatsawo kple Aleppo Asinuŋɔŋlɔgbalẽa dome. Akɔntabubu ɖee fia be, woŋlɔ Ƒukukua tɔ le ƒe 100 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me eye woŋlɔ Aleppo tɔ le ƒe 930 K.Ŋ. me.” (The Jerusalem Post) Le Biblia ŋuti nunyalawo ƒe nya nu la, agbalẽ xatsaxatsa sia si woto mɔ̃ɖaŋununya dzi xlẽ la ɖee fia be Torah si Masoretwo ŋlɔ la me nyawo “nɔ dedie ƒe akpe geɖe, eye nugbugbɔgaŋlɔlawo mewɔ vodada aɖeke le wo me o.”