GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA January 2017

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso February 27 va se ɖe April 2, 2017 la le tata sia me.

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa

Le gɔmedzedzea me la, nɔvinyɔnu siwo yi ɖasubɔ le duta meka ɖe edzi be yewoate ŋu aɖasubɔ le duta o. Nu kae na dzi ɖo wo ƒo woʋu yi mlɔeba? Nu kawoe wosrɔ̃ tso subɔsubɔdɔ si wowɔ le duta la me?

“Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu, Eye Nàwɔ Nu Nyui”

Edzɔa dzi na Yehowa be yeawɔ nu si míate ŋu awɔ le mía ɖokui si o la na mí. Gake ekpɔa mɔ be míawɔ nu si míate ŋui. Aleke ƒe 2017 ƒe mawunyakpukpuia kpena ɖe mía ŋu be míedana sɔna le go sia me?

De Asixɔxɔ Tiatiawɔblɔɖe Si Mawu Na Wò Ŋu

Nu kae nye tiatiawɔblɔɖe, eye nu kae Biblia fia ku ɖe eŋu? Aleke nàte ŋu ade bubu ame bubuwo ƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu?

Nu Si Tae Afi Si Míaƒe Ŋutete Se Ðo Nyanya Le Vevie

Nu kae wòbia be ame nade dzesi afi si eƒe ŋutete se ɖo, eye aleke nɔnɔme sia do ƒome kple ɖokuibɔbɔ? Nu ka tae wòle vevie be míatu nɔnɔme nyui sia ɖo?

Àte Ŋu Abɔbɔ Ðokuiwò Le Dodokpɔwo Gɔ̃ Hã Me

Aleke míayi edzi abɔbɔ mía ɖokui ne nuwo trɔ le míaƒe agbe me, ne wogblɔ nya manyomanyo ɖe mía ŋu alo kafu mí. Eye aleke nɔnɔme nyui sia akpe ɖe mía ŋu ne míenya afɔ si wòle be míaɖe o?

“Tsɔ Nu Siawo De Asi Na Nuteƒewɔlawo”

Aleke ame tsitsiwo ate ŋu akpe ɖe ɖekakpuiwo ŋu be woaxɔ agbanɔamedzi geɖe wu? Aleke ɖekakpuiwo ate ŋu aɖee afia be yewodea bubu ame siwo xɔ ŋgɔ le hamea me ƒe geɖe la ŋu?

Ènyaa?

Le Biblia ŋlɔɣiwo la, aleke wowɔna tsɔa dzo tso teƒe aɖe yia teƒe bubu?