Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne èɖoa to dziwòlawo la, ɖeko wòle abe ale si nànɔ ŋuwò fewo xem na gadzraɖoƒe ene. Zi ale si woate ŋu aka ɖe dziwò la, zi nenemae woana mɔnukpɔkpɔwo wò

NA SƆHƐWO

10: Ame Si Dzi Woate Ŋu Aka Ðo

10: Ame Si Dzi Woate Ŋu Aka Ðo

NU SI WÒFIA

Ne nɔnɔme sia le ame si la, ate ŋu ana dzilawo, xɔlɔ̃wo kple dɔtɔwo naka ɖe ame dzi. Ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo la wɔa sewo dzi, wɔa woƒe nyawo dzi eye wotoa nyateƒe ɣesiaɣi.

NU SI TA WÒLE VEVIE

Le nu sia nu kloe me la, ale si woka ɖe ame dzi le nu siwo wòwɔ va yi mee wɔnɛ be ablɔɖe aɖewo sinu sua esi.

“Mɔ nyui si dzi nàto dziwòlawo naka ɖe dziwòe nye be nàna wòadze le ŋuwò be yewɔa nu wòɖenɛ fiana be yetsi eye yewɔa nu ɖe ɖoɖo nu ne dziwòlawo meli o gɔ̃ hã.”—Sarahi.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Minɔ mia ɖokui me dzrom kpɔ ne mianya ame siwo ƒomevi mienye.”—2 Korintotɔwo 13:5.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Ne èdi be woaka ɖe ye dzi alo le nane ta womegakana ɖe dziwò o, evɔ nèdi be woagaka ɖe ye dzi la, ekema nu siwo gbɔna la akpe ɖe ŋuwò.

To nyateƒe. Alakpadada ana amewo magaka ɖe dziwò kura o. Gake ne mèwɔa tome nu o eye nètoa nyateƒe vevietɔ ne èda vo la, amewo aka ɖe dziwò.

“Enɔa bɔbɔe be ame nato nyateƒe ne nuwo le yiyim nyuie. Gake ne èto nyateƒe evɔ wòagblẽ nu le ŋuwò gɔ̃ hã, ana amewo naka ɖe dziwò geɖe wu.”—Caiman.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.”—Hebritɔwo 13:18.

Nye ame si ŋu woaɖo ŋu ɖo. Le numekuku aɖe si wowɔ le Amerika tso dɔtɔ siwo xɔa amewo ɖe dɔme dome la, wo dometɔ 78 le alafa me ƒe nyawo fia be ame si dzi woate ŋu aka ɖo la le “nu vevi etɔ̃ siwo hiã vevie hafi woaxɔ ame be wòawɔ dɔ aɖe la dome.” Ne ènye ame si dzi woate ŋu aka ɖo fifia la, aɖe vi na wò ne ètsi.

“Dzinyelawo dea dzesi ɣeyiɣi siwo nye ŋutɔ metsona le ɖokuinye si wɔa aƒemedɔ si mahiã be woaɖo ŋku edzi nam hafi o. Ɣesiaɣi si metso le ɖokuinye si wɔ nane la, wogakana ɖe dzinye geɖe wu.”—Sarah.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Meka ɖe dziwò be àwɔ esia, . . . menyae be àwɔ geɖe wu esiwo megblɔ gɔ̃ hã.”—Filemon 21.

Gbɔ dzi ɖi. Togbɔ be ele bɔbɔe be woade dzesii ne sɔhɛwo le tsitsim hã la, exɔa ɣeyiɣi hafi woate ŋu ade dzesii be wole tsitsim le susu me eye wole nu wɔm ɖe ɖoɖo nu.

“Menye nane si nèwɔ zi ɖeka aɖe koe ana dziwòlawo kple ame bubuwo nayi edzi aka ɖe dziwò o. Gake àte ŋu ana woaka ɖe dziwò ne èɖenɛ fiana zi geɖe be yewɔa nu ɖe ɖoɖo nu.”—Brandon.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Mido . . . dzigbɔgbɔ blewu.”—Kolosetɔwo 3:12.