Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋusẽ Ka Kpɔm Mɔ̃ɖaŋunuwo Le Ðe Wò Srɔ̃ɖeɖe Dzi?

Ŋusẽ Ka Kpɔm Mɔ̃ɖaŋunuwo Le Ðe Wò Srɔ̃ɖeɖe Dzi?

Ne srɔ̃tɔwo zã mɔ̃ɖaŋunuwo le mɔ nyuitɔ nua, ate ŋu awɔe be wo dome nanɔ kplikplikpli. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ana srɔ̃tɔwo naƒo nu na wo nɔewo alo ase wo nɔewo ŋkɔ le ŋkekea me.

Ke hã, srɔ̃tɔ aɖewo ɖe mɔ mɔ̃ɖaŋunuwo zazã wɔe be . . .

  • womegakpɔa ɣeyiɣi ɖe wo nɔewo ŋu o.

  • wowɔa dɔ le ɣeyiɣi siwo me mahiã be woawɔ dɔ hafi o.

  • womegawɔa nuteƒe na wo srɔ̃ o, eye esia wɔe be womegakana ɖe wo nɔewo dzi o.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

NE WÒ KPLE SRƆ̃WÒE LI

Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Michael gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi ne nye kple srɔ̃nye míele aƒe me gɔ̃ hãa, metsia akogo. Elabe eƒe fon ŋu ko wòvuna ɖo, eye wògblɔna be ‘Message gbogbo aɖewo le ŋunye siwo ŋu wòle be maɖo.’ Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Jonathan gblɔ be le nɔnɔme siawo tɔgbi mea “srɔ̃tɔwo ate ŋu anɔ wo nɔewo gbɔ gake ɖeko wòle abe teƒe vovovowoe wole ene.”

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ðe kaƒoƒo na amewo, text message ɖoɖo ɖe wo alo emawo tɔgbi xɔa ɣeyiɣi le asiwò ale gbegbe be mète ŋu kpɔa vovo ɖe srɔ̃wò ŋu oa?—EFESOTƆWO 5:33.

DƆWƆÐUI

Ame aɖewo ƒe dɔwɔɖui bia be woanɔ ka ƒom na wo alo woanɔ email ɖom ɖe wo ne wokpa le dɔ me. Le ame bubuwo hã gomea, woƒe susu nɔa dɔ ŋu ne wole aƒe me gɔ̃ hã. Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Lee gblɔ be: “Ne nye kple srɔ̃nye míele dze ɖom eye amewo ƒo ka nam alo ɖo text message ɖema, esesẽna nam be magaɖo wo ŋu o.” Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Joy gblɔ be: “Esi mewɔa dɔ le aƒe me taa, dɔ dzi ko menɔna ɣesiaɣi. Esesẽna nam be mada asɔ.”

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ðe wò susu nɔa nu bubuwo ŋu ne srɔ̃wò le dze ɖom kpli wòa?—LUKA 8:18.

WƆ NUTEƑE NA SRƆ̃WÒ

Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be Internet dzi hahoo kadodomɔnuwo le kuxi hem va srɔ̃ɖeɖe geɖe me. Ame siwo wobia gbee la dometɔ ewo le alafa me gblɔ be yewomedina be yewo srɔ̃ nakpɔ nu siwo yewodana ɖe Internet dzi hahoo kadoƒewo o.

Ame geɖe gblɔ be Internet dzi hahoo kadodowo ate ŋu agblẽ nu le srɔ̃tɔwo ŋu, eye ate ŋu awɔe hã be srɔ̃tɔ aɖe nawɔ ahasi gɔ̃ hã. Mewɔ nuku o be senyala siwo kpɔa srɔ̃gbenyawo gbɔ gblɔ be, Internet dzi hahoo kadodowo gbɔe wòtso be ame geɖe le srɔ̃ gbem egbea.

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ðe nèɣlaa dze siwo nèɖona kple ame bubu aɖe si menye srɔ̃wò o la ɖe srɔ̃wòa?—LODODOWO 4:23.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

TAÐODZINUWO NENƆ ASIWÒ

Ame si gbea nuɖuɖu manɔ lãmesẽ me o. Nenema kee ne srɔ̃tɔ aɖe media ɣeyiɣi ɖoa dze kple srɔ̃a o la, dzidzɔ manɔ woƒe srɔ̃ɖeɖe me o.—Efesotɔwo 5:28, 29.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: ‘Kpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii.’​—FILIPITƆWO 1:10.

Wò kple srɔ̃wò miɖo dze tso aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔnaa ŋu be miakpɔe ɖa be wo dometɔ kawo dzie miadi be yewoawɔ, alo miŋlɔ nu siwo miawo ŋutɔ miadi be yewoawɔ be Internet dzi hahoo kadodowo nagagblẽ nu le miaƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu o.

  • Miɖu nu ɖekae zi ɖeka ya teti le ŋkekea me

  • Miɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ si miaɖe asi le miaƒe fon alo mɔ̃wo ŋu

  • Miwɔ ɖoɖo miado, aɖi tsa, alo awɔ nane atsɔ ado dzidzɔ na mia nɔewo

  • Mitsi miaƒe fon kple mɔ̃ bubuawo le zã me alo woanɔ adzɔge tso mia gbɔ

  • Miɖoe miaɖe susu ɖa le miaƒe fonwo dzi ale be miate ŋu aɖo dze kple mia nɔewo, ne mede ɖeke oa, miniti 15 ya teti gbe sia gbe

  • Miɖoe be yewomazã Internet le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi aɖewo dzi o