Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

GBEBIAME | FAN YU

Kɔmpiutadziɖoɖoŋlɔla Aɖe Ƒe Xɔse

Kɔmpiutadziɖoɖoŋlɔla Aɖe Ƒe Xɔse

AGBALẼNYALAGÃ Fan Yu dze eƒe dɔwɔɖui si nye akɔntabubu ŋuti numekuku gɔme le Chinatɔwo ƒe Atɔmikŋusẽ Suku si gogo Beijing. Ɣemaɣi la, enye mawudzimaxɔsela, eye wòxɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi se. Gake fifia, exɔe se be Mawue wɔ nuwo. Nyɔ! magazinea talawo bia gbee tso eƒe xɔse ŋu.

Míeɖe kuku ƒo nu tso ɖokuiwò ŋu na mí.

Wodzim le ƒe 1959 me le Fuzhou City, le Jiangxi Nutoa me, le China. Kaka maxɔ ƒe enyi la, dukɔa nɔ Hadomegbenɔnɔ ƒe Tɔtrɔwo wɔm. Woɖe gbe na fofonye si nye mɔdodoɖaŋunyala be wòado ketekemɔ ato gbedada aɖe ƒo. Zi ɖeka ko wòtea ŋu va srãa mí kpɔna ƒe sia ƒe hena ƒe geɖe. Ɣemaɣi la, danye si fiaa nu le gɔmedzesuku gbɔe menɔ. Suku si me wòfiaa nu le la kee míenɔ. Le ƒe 1970 me la, eva hiã be míaʋu ayi Liufang, ɣemaɣi la enye kɔƒedu si me ahedada le le Linchuan Nutoa me eye nuɖuɖu hã vena le afi ma.

Nu ka dzie miaƒe ƒomea xɔ se?

Fofonye metsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔ loo alo dunyahehe me o. Buddhatɔe danye nye. Wofiam le suku be ɖe agbea dzɔ le eɖokui si, eye mexɔ nu si nye nufialawo gblɔ la dzi se.

Nu ka tae nèva tsɔ ɖe le akɔntabubu me?

Akɔntabubu va dzɔa dzi nam elabena ele be nàtsɔ nanewo asɔ kple nanewo be nànya nane ƒe nyateƒenyenye. Esi hadomegbenɔnɔ ƒe tɔtrɔwɔlawo ƒe ŋgɔnɔla Mao Tse-tung ku le ƒe 1976 megbe ye meyi yunivɛsiti. Akɔntabubu koŋ ye mesrɔ̃. Esi mexɔ Yunivɛsiti ɖaseɖigbalẽ vɔ la, dɔ gbãtɔ si mewɔ lae nye be maku nu me tso ale si woawɔ nukliaŋusẽ ƒe mɔ̃wo la ŋu.

Tsãa, aleke nèbua Bibliae?

Le ƒe 1987 me la, meyi Amerika be mayi nye yunivɛsiti nusɔsrɔ̃ dzi le Texas A&M Yunivɛsiti, axɔ ɖaseɖigbalẽ si de ŋgɔ wu. Menya be Amerikatɔ geɖe xɔ Mawu dzi se eye woxlẽa Biblia. Mese hã be Biblia me nyawo ɖea vi ŋutɔ, eya ta mekpɔe be ele be maxlẽe.

Mekpɔe be susu le Biblia me nyawo me. Gake eƒe akpa aɖewo gɔmesese sesẽ nam eya ta medzudzɔ exexlẽ.

Nu kae na nègava tsɔ ɖe le Biblia me nyawo me?

Nusɔsrɔ̃ tso Wɔla aɖe ŋu la nye nu yeye nam, ta meɖoe be nye ŋutɔ maku nu me tso nyaa ŋu

Le ƒe 1990 me la, Yehowa Ðasefo aɖe va gbɔnye le aƒe me, eye wòtsɔ nu si Biblia gblɔ tso etsɔme nyui si le amegbetɔwo si la fiam. Ewɔ ɖoɖo be atsu kple asi aɖe nava kpe ɖe ŋunye mase Biblia me nyawo gɔme. Emegbe, srɔ̃nye Liping, si mexɔ Mawu dzi se o, si fiaa dzɔdzɔmeŋusẽŋununya le China la, hã dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Míesrɔ̃ nu si Biblia gblɔ tso afi si agbe dzɔ tso la ŋu. Nusɔsrɔ̃ tso Wɔla aɖe ŋu la nye nu yeye nam, ta meɖoe be nye ŋutɔ maku nu me tso nyaa ŋu.

Aleke nèwɔe?

Esi menye akɔntanyala ta la, ele bɔbɔe be mabu akɔnta anya ale si wòdzɔe be nuwo le ale si wole. Mesrɔ̃e hã be hafi agbe nate ŋu adzɔ le vome la, ele be amenyinu (protein) vovovowo nanɔ anyi xoxo. Eya ta medze agbagba be makpɔe ɖa be anya wɔ be amenyinu sia nadzɔ le eɖokui si hã. Amenyinu siawo le lãmenugbagbevi suetɔ siwo ƒe dɔwɔwɔ gɔmesese sesẽ la dome, eye amenyinu sia ƒomevi vovovo akpe geɖe ye le lãmenugbagbeviwo me eye wowɔa dɔ le ɖoɖo nu pɛpɛpɛ. Abe ame bubuwo ke ene la, meva de dzesii be manya wɔ be amenyinu sia nadzɔ le eɖokui si kura o! Nyemexlẽ naneke le nɔnɔmetɔtrɔnufiafiagbalẽ aɖeke me kpɔ si ɖe eme be lãmenugbagbevi suetɔ siwo ƒe dɔwɔwɔ gɔmesese sesẽ la ate ŋu adzɔ le wo ɖokui si, kaka woahayi nugbagbevi si me wowɔa dɔ le la ƒe akpa aɖe nye ge o. Le gonyemea, kpeɖodziawo fia be Wɔla aɖe li.

Nu kae na nèka ɖe edzi be Mawu gbɔe Biblia tso?

Esi Yehowa Ðasefowo yi nua sɔsrɔ̃ dzi kplim la, mesrɔ̃ nu tso Biblia me nyagblɔɖi gbogbo aɖewo siwo va eme la ŋu. Esi meva nɔ wɔwɔm ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi la, eɖe vi nam. Mebiaa ɖokuinye be, ‘Aleke wòanya wɔ be Biblia ŋlɔla siwo nɔ anyi ƒe akpe geɖe do ŋgɔ la naŋlɔ nu siwo gale vi ɖem na mí egbea?’ Vivivi la, meva kpɔe be Mawu ƒe Nyae Biblia nye vavã.

Nu kae na nègava ka ɖe edzi geɖe wu be Wɔla aɖe li?

Ne mede ŋugble le xexea me nuwo ŋu la, naneke meli mawɔ tsɔ wu be maxɔ Wɔlaa dzi ase o. Fifia meŋlɔa kɔmpiutadziɖoɖowo eye zi geɖe la, ewɔa nuku nam be míaƒe susu wɔa dɔ sãsãsã wu kɔmpiutadziɖoɖowo. Le kpɔɖeŋu me, ŋutete si le míaƒe susua ŋu be wòade dzesi gbeɖiɖi vovovowo la wɔ nuku ŋutɔ. Mía dometɔ geɖe tea ŋu sea gbeɖiɖiwo gɔme, ne womegblɔ nya aɖe wu enu o gɔ̃ hã, ne ame aɖe ko nu, kpe kpe, ku kɔ, do gbe bubu, do ɣli, ne hoowɔwɔ le edzi yim, alo ne telefon me mekɔ o. Ðewohĩ àbui be esia nye nu tsɛ aɖe ko. Ke hã, kɔmpiutadziɖoɖoŋlɔlawo bunɛ be ele etɔxɛ. Amegbetɔ ƒe susu de ŋgɔ wu kɔmpiutadziɖoɖo nyuitɔ si tea ŋu dea dzesi gbeɖiɖiwo sãsãsã.

To vovo na kɔmpiuta deŋgɔwo la, míaƒe susu ya tea ŋu dea dzesi seselẽlamewo, gbegbɔgblɔ vovovowo kple ame vovovowo ƒe nuƒowo. Kɔmpiutadziɖoɖoŋlɔlawo le nu me kum tso ale si woate ŋu ana kɔmpiuta nawɔ dɔ abe amegbetɔ ƒe susu ene ŋu eye wòade dzesi gbeɖiɖi vovovowo. Meka ɖe edzi be esia wɔwɔ fia be wole nu srɔ̃m tso nu siwo Mawu wɔ la ŋu.