Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI

Desiderius Erasmus

Desiderius Erasmus

WOBU Desiderius Erasmus (ƒe 1469-1536 lɔƒo) gbã le eƒe ŋkekea me be enye Europatɔwo ƒe agbalẽnyala gãtɔ kekeake, gake emegbe wova do vloe hebui be enye vɔvɔ̃nɔtɔ alo aglãdzela. Esime nyaʋiʋliwo nɔ edzi yim le subɔsubɔnyawo me la, eɖoe be yeaklo nu le vodadawo kple nu gbegblẽ wɔwɔ siwo nɔ edzi yim le Katoliko-haa kple ame siwo be ɖɔɖɔɖowɔlawoe yewonye dome la dzi. Egbea, wobunɛ be enye ame si wɔ akpa vevi aɖe le ɖɔɖɔɖo siwo wowɔ le subɔsubɔnyawo me le Europa la me. Aleke wòdzɔe?

NU SIWO WÒSRƆ̃ KPLE EƑE DZIXƆSEWO

Esi Erasmus ɖu tu na Helagbe kple Latingbe nyuie ta la, ete ŋu tsɔ blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ si dzi wokpɔ ɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, si amewo yɔna zi geɖe be Nubabla Yeye la gɔme sɔ kple Latingbe me Biblia siwo nɔ anyi la dometɔ ɖeka si nye Latin Vulgate. Eva ka ɖe edzi bliboe be ele vevie be Biblia me nyateƒea nasu amewo si. Eya ta egblɔ be ele be woaɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gɔme ɖe gbe siwo amewo dona ɣemaɣi la me.

Erasmus doe ɖa be woawɔ tɔtrɔwo le Katoliko-haa me elabena exɔe se be ele be Kristotɔwo nanɔ agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu ke menye be woanɔ kɔnu manyatalenuwo ko wɔm o. Eya ta esi ɖɔɖɔɖowɔlawo tso hedoe ɖa be woawɔ tɔtrɔwo le Katoliko-haa me le Roma la, Katolikotɔwo susui be anye Erasmus ye le megbe nɛ.

Erasmus ɖoe be yeaklo nu le vodadawo kple nu gbegblẽ wɔwɔ siwo nɔ edzi yim le Katoliko-haa kple ɖɔɖɔɖowɔlawo dome la dzi

Le Erasmus ƒe nuŋɔŋlɔwo me la, eklo nu le hakplɔlawo ƒe nu nyagã wɔwɔwo, woƒe ŋku gã toto kple papawo ƒe didi vevie be amewo nayi aʋa la dzi. Eto vovo tso hakplɔla siwo toa sɔlemekɔnuwo abe nu vɔ̃ me ʋuʋu, ame kɔkɔewo subɔsubɔ, nutsitsidɔ kple mɔzɔzɔ yi teƒe kɔkɔewo aɖasubɔ dzi tafaa sɔlemeviwo la ƒe nuwɔnawo gbɔ. Azɔ hã, meda asi ɖe misawɔwɔ hena nu vɔ̃ kɔklɔ ɖa le ame kukuwo ŋu kple srɔ̃maɖemaɖe dzi o.

NUBABLA YEYE SI LE HELAGBE ME

Le ƒe 1516 me la, Erasmus ɖe eƒe Helagbe me Nubabla Yeye si nye gbãtɔ la ɖe go, emae nye Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe gbãtɔ si woɖe ɖe go kpɔ. Axadzinuŋɔŋlɔwo kple Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo si gɔme Erasmus ɖe ɖe Latingbe me la hã nɔ Biblia sia me eye akpa sia si le Latingbe me la to vovo tso Vulgate Biblia la gbɔ. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, egbugbɔ to eƒe gɔmeɖeɖea me zi geɖe si wɔe be eƒe Biblia va to vovo kura tso Latin Vulgate la gbɔ.

Erasmus ƒe Helagbe me Nubabla Yeye la

Vovototoawo dometɔ ɖeka dze le 1 Yohanes 5:7. Be woade Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia si metso Ŋɔŋlɔawo me o dzi la, wotsɔ nya aɖewo siwo woyɔna be comma Johanneum de Vulgate la me. Afi ma xlẽ be: “Ame etɔ̃e le dziƒo: Fofo la, Nya la kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka.” Gake Erasmus metsɔ nya mawo de eƒe Nubabla Yeyea ƒe tata eve gbãtɔawo me o, elabena womenɔ Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo dzi wòkpɔ hafi ɖe wo gɔme la me o. Gake sɔlemehaa zi edzi emegbe be wòatsɔ wo ade tata etɔ̃lia me.

Erasmus ƒe Helagbe me Nubabla Yeyea ƒe tata vovovo siwo ŋu wòtrɔ asi le la wɔ akpa vevi aɖe le Biblia gɔmeɖeɖe ɖe Europa-gbewo me la me. Martin Luther, William Tyndale, Antonio Brucioli, kple Francisco de Enzinas zã wo tsɔ ɖe Hela Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe Germanygbe, Eŋlisigbe, Italygbe kple Spaingbe me.

Erasmus nɔ agbe le ɣeyiɣi si me tɔtɔ nɔ subɔsubɔhawo me eya ta Protestanttɔwo ƒe Ðɔɖɔɖowɔlawo de asixɔxɔ eƒe Helagbe me Nubabla Yeye la ŋu ŋutɔ. Hafi woava dze ɖɔɖɔɖowɔwɔa gɔme tsaklii la, ame aɖewo bu Erasmus be enye Ðɔɖɔɖowɔla xoxo. Emegbe egbe be yemade nu mawuŋununyalawo ƒe nyahehewo me o. Nukutɔe la anɔ ƒe 100 va yi la, agbalẽnyala David Schaff ŋlɔ bena “hafi Erasmus naku la menɔ Katolikotɔwo ƒe akpa dzi loo alo Protestanttɔwo ƒe akpa dzi o.”