Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekpekpedɔ Aɖe Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Do Ŋgɔ Nyuie La Tse Ku

Amekpekpedɔ Aɖe Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Do Ŋgɔ Nyuie La Tse Ku

María Isabel nye nyɔnuvi sue aɖe eye wònye gbeƒãɖela bibi aɖe le San Bernardo si le Anyiehe Amerika ƒe dukɔ si nye Chile (Chili) me. Eya kple eƒe ƒomea me tɔwo nye Mapuche vidzidziwo. Ƒome bliboa nɔ asi kpem ɖe agbagba siwo dzem wonɔ be woaɖo hame yeye aɖe le Mapuchegbe, si woyɔna hã be Mapudungun, me la ŋu dzidzɔtɔe.

Esi woɖe gbeƒãe be woawɔ Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le Mapudungun hã me eye be wota Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽvi 2,000 ɖe gbegbɔgblɔ sia me be woama la, ena María Isabel bu tame vevie. Nu kae wòate ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe dɔa ŋu? Eɖo ŋku Ðasefo siwo nye ɖevi sue bubu siwo kpɔ dzidzedze esi woɖe gbeƒã na woƒe sukuhatiwo kple nufialawo la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo dzi. Eɖo dze kple edzilawo tso eŋu, eye wo katã wotso nya me ɖekae be María Isabel ŋutɔ nadze agbagba ato mɔnu aɖe si dzi wòato ama amekpegbalẽviawo le suku la vɛ. Nu kae wòɖo be yeawɔ?

Gbã la, María Isabel bia mɔ le sukumegãwo gbɔ be yeaklã amekpegbalẽvia ɖeka ɖe sukua ƒe agbo gãa nu. Woɖe mɔ nɛ hekafui ɖe nu nyui si wòɖo be yeawɔ ta. Gbe ɖeka, esi sukuviwo katã va ƒo ƒu ŋdime la, sukudzikpɔlaa ɖe gbeƒã tso amekpegbalẽvia ŋu gɔ̃ hã le gbeɖimɔ̃ dzi!

Emegbe María Isabel bia be yeayi sukuxɔwo katã me ɖekaɖeka. Esi nufialawo ɖe mɔ nɛ vɔ la, ebia sukuviawo le sukuxɔ ɖe sia ɖe me be wo dometɔ aɖe doa Mapuchegbe hã. Egblɔ be: “Mesusui be sukuvi 10 alo 15 koe atso Mapuche ƒomewo me le sukua katã me, gake wosɔ gbɔ wu nenema kura. Mlɔeba la, mema amekpegbalẽvi 150 sɔŋ!”

“ENƆ MƆ KPƆM NA AME AÐE SI TSI WU”

Nyɔnu aɖe si kpɔ amekpegbalẽvi si woklã ɖe sukua ƒe agbonu la bia be ame kae wòle be yeabia nya ku ɖe wɔnaa ŋu mahã. Kpɔ ale si wòwɔ nuku nɛ esi woɖoe ɖe nyɔnuvi ƒe ewo vi aɖe ko gbɔ la le susu me ɖa! María Isabel gblɔ esi wònɔ alɔgbɔnu kom be: “Enɔ mɔ kpɔm na ame aɖe si tsi wu.” Esi María Isabel na amekpegbalẽvia ɖeka nyɔnua eye wòɖe nu me nɛ kpuie vɔ la, ebia nyɔnua be wòana eƒe adrɛs ye ale be eya kple edzilawo nate ŋu ava srãe kpɔ eye woafia nu geɖee tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Aleke gbegbe gbeƒãɖela 20 siwo le subɔsubɔm le Mapudungun ƒe anyigbamamaa me la kpɔ dzidzɔe nye esi, esi wokpɔ nyɔnu ma kple ɖetsɔlemetɔ 26 bubu siwo nye Mapuchetɔwo la va Ŋkuɖodzia. Fifia, ƒuƒoƒo ma zu hame kpɔdzidzedze aɖe!

Ƒe ka kee nèɖaxɔ o, ɖe nàte ŋu aɖe afɔ sia tɔgbi akpe wò sukuhatiwo alo dɔwɔhatiwo be woava Ŋkuɖodzia, woava se dutoƒonuƒo aɖe, alo woade nutome gã takpekpe aɖea? Ðe manyo be nàwɔ numekuku le míaƒe agbalẽwo me be nàxlẽ nuteƒekpɔkpɔ siwo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ mɔ vovovo siwo dzi nàte ŋu ato akpɔ dzidzedze le esia wɔwɔ me oa? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòatsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe ŋuwò be nàlé dzi ɖe ƒo aƒo nu tso eŋu. (Luka 11:13) Ne ewɔe alea la, awɔ nuku na wò ahado dzidzɔ na wò be kutsetse nyuiwo ado tso ɖaseɖiɖidɔ si ŋu nèwɔ ɖoɖo ɖo do ŋgɔ nyuie la me eye wòade dzi ƒo na wò geɖe.