Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kayafa Ƒomea Me Tɔe Wònye

Kayafa Ƒomea Me Tɔe Wònye

Ɣeaɖewoɣi la, tomenu aɖewo siwo ŋu woke ɖo la ɖoa kpe Bibliameme aɖe ƒe ŋkɔ alo eƒe anyinɔnɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2011 me la, Israel agbalẽnyalagãwo ka nya ta ku ɖe nu sia tɔgbi ŋu. Enye amekukuƒuɖakavi aɖe si xɔ ƒe 2,000. Akalokpee wotsɔ wɔe, eye wodo atsyã nɛ hetsɔ ame kuku si ƒaƒã la ƒe ƒuwo de eme.

Woŋlɔ ɖe amekukuƒuɖakavi sia dzi be: “Miriam si nye Yesua, ame si nye Kayafa si hã nye Maazya ƒe nunɔla eye wòtso Bet-Imri la, ƒe vinyɔnu.” Yudatɔwo ƒe nunɔlagã si hã drɔ̃ ʋɔnu Yesu la ŋkɔe nye Kayafa. (Yoh. 11:48-50) Ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus yɔe be “Yosef si woyɔna be Kayafa.” Ðikeke mele eme o be, amekukuƒuɖakavi sia nye eƒe ƒometɔ aɖe tɔ. Esi wònye be woŋlɔ ɖe amekukuƒuɖakavi aɖe si ŋu woke ɖo kpɔ va yi, si wosusu be enye nunɔlagã la ŋutɔ, la dzi be Yehosef bar Caiapha, alo Yosef Kayafa vi * ta la, Miriam anya do ƒome kple Kayafa.

Le Israel Blemanuwo Dzikpɔƒe la ƒe nya nu la, ɖe woxɔ Miriam ƒe amekukuƒuɖakavi la le fiafi aɖewo siwo va ha blemayɔdo aɖe me nuwo katã la si. Ŋkuléle ɖe aɖakavia kple nu si woŋlɔ ɖe edzi ŋu la ɖo kpe edzi be enye blemanu aɖe vavã.

Amekukuƒuɖakavi sia gana míenya nu yeye aɖe. Eyɔ “Maazya,” ame si nye nunɔla mamlɛtɔ le nunɔlawo ƒe hatsotso 24 ƒe ɖoɖoa nu, eye wònɔ subɔsubɔm le Yerusalem la hã ŋkɔ. (1 Kron. 24:18) Israel Blemanuwo Dzikpɔƒea gblɔ be, nu si woŋlɔ ɖe amekukuƒuɖakavi la dzi ɖee fia be “Kayafa ƒe ƒomea do ƒome kple Maazya ƒomea.”

Woŋlɔ ŋkɔ Bet-Imri hã ɖe nuŋɔŋlɔa me. Numeɖeɖe evee li ku ɖe nuŋɔŋlɔa ƒe akpa sia ŋu. Israel Blemanuwo Dzikpɔƒea gblɔ be: “Numeɖeɖe gbãtɔe nye be Bet-Imri nye nunɔlawo ƒe ƒome aɖe ƒe ŋkɔ—wonye Imer vi (Ezra 2:36, 37; Neh. 7:39-42) siwo dome Maazya ƒomea ƒe dzidzimeviwo hã le. Numeɖeɖe eveliae nye [be Bet-Imri nye] du si me ame kukua alo eƒe ƒome bliboa tso.” Aleke kee wòɖale o, Miriam ƒe amekukuƒuɖakavia ɖee fia be Biblia ƒoa nu tso ame ŋutɔŋutɔ siwo tso ƒome ŋutɔŋutɔwo me ŋu.

^ mm. 3 Ku ɖe Kayafa ƒe amekukuƒuɖakavi ŋu la, kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Nunɔlagã Si Bu Fɔ Yesu,” si dze le Gbetakpɔxɔ, January 15, 2006, axa 10-13.