Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hehenana Ðeviwo

Hehenana Ðeviwo

Nu Vevi Siwo Naa Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Hehenana Ðeviwo

John: * Hafi dzinyelawo nahe to nam le nu gbegblẽ wɔwɔ aɖe ta la, wodzea agbagba vevie sea susu siwo tae mewɔ nua ɖo la gɔme hebua nɔnɔme si me nua dzɔ le la ŋu. Nye hã medzea agbagba be masrɔ̃ woƒe mɔnu sia ne mele vinyewo ɖɔm ɖo. Hehe si srɔ̃nye Alison xɔ to vovo. Fofoa kple dadaa wɔa nu dzitsitsitɔe. Edze abe wohea to na wo viwo ɖe nu gbegblẽ wɔwɔwo ta nɔnɔmeawo ŋu mabumabui ene. Ɣeaɖewoɣi la, mesena le ɖokuinye me be srɔ̃nye hea to na mía viwo dzitsitsitɔe abe ale si edzilawo wɔnɛ ene.

Carol: Mía fofo gblẽ ƒomea ɖi esime mexɔ ƒe atɔ̃ ko. Metsɔ ɖeke le eme nam loo alo na nɔvinye etɔ̃awo o. Danye kua kutri wɔa dɔ sesĩe tsɔ kpɔa mía dzi, eye agbanɔamedzi geɖe kpɔ ŋkunyeme le beléle na nɔvinyenyɔnu sueawo me. Nyemese vivi na nye ɖevimenɔɣi kura o, elabena enɔ nam be manɔ dɔ siwo wòle be dzilawo nawɔ la wɔm. Va se ɖe egbe la, meɖoa movevi, eye nyemelɔ̃a fefe tututu o. Ne vinyewo wɔ nane si hiã tohehe la, mebua tame ɣeyiɣi didi aɖe hetsia dzimaɖi vevie. Medina be manya nu si na wowɔ nu gbegblẽ aɖe kple susu si tae wowɔe ɖo. Gake srɔ̃nye Mark ya mebua nyawo ŋu ɣeyiɣi didi akpa o. Fofoa nye vifofo lɔ̃ame si tɔa afɔ to sesĩe, eye wòlé be na dadaa nyuie. Ne mía vinyɔnuawo wɔ nane la, srɔ̃nye kpɔa nyawo gbɔ kaba. Edzroa nya la me, kpɔa nyaa gbɔ, eye megabua eŋu kura o.

ABE ale si John kple Carol ƒe nyawo ɖee fia ene la, ale si dziwòlawo he wò ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe ale si nèhea viwòwoe la dzi. Ne hehe si srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu xɔ tso wo dzilawo gbɔ to vovo la, ele bɔbɔe be woƒe nukpɔsusu nato vovo le hehenana wo viwo me. Ɣeaɖewoɣi la, nukpɔsusuwo ƒe vovototo sia hea kuxiwo vaa srɔ̃ɖeɖea me.

Ðeɖiteameŋu ate ŋu ana kuxia nado gã ɖe edzi. Eteƒe medidina hafi dzila yeyewo kpɔnɛ dzea sii be vihehe nye ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔ teɖeɖiameŋu o. Joan, srɔ̃nyɔnu aɖe si kpe ɖe srɔ̃a Darren ŋu wohe wo vinyɔnuvi eve la gblɔ be: “Melɔ̃ vinyenyɔnuviawo, gake ne medi be woayi aɖamlɔ anyi la, ƒãa hafi wolɔ̃na. Wonyɔna le ɣeyiɣi si me wòle be woanɔ alɔ̃ dɔm. Woxɔa nya le nunye ne medi be maƒo nu. Wogblẽa woƒe afɔkpawo, awuwo, kple fefenuwo ɖe xexe, eye womegbugbɔa bɔta la dana ɖe nufamɔ la me gbeɖe o.”

Jack, ame si srɔ̃ lé vidzidzi megbe blanuiléledɔ le wo vi evelia dzidzi megbe la, gblɔ be: “Zi geɖe la, ɖeɖi tea ŋunye belibeli hafi megbɔna tso dɔ me, eye menɔa zã dzi nɔa vidzĩa gbɔ kpɔm. Esia wɔe be menɔ bɔbɔe na mí be míayi edzi ana hehe mía vinyɔnuvi tsitsitɔ ale si dze o. Eʋãa ŋu be míezãa ɣeyiɣi si míazã ɖe ye ŋu la ƒe ɖe ɖe ye nɔvinyɔnuvi sue la hã ŋu.”

Ne dzila siwo ŋu ɖeɖi te ƒe nu mesɔ le ale si woahe ɖeviawo ŋu o la, nyahehe viviviwo ate ŋu azu nyaʋiʋli sesẽwo. Masɔmasɔ siwo gbɔ womekpɔ o ate ŋu ama dzilawo dome, eye wo via akpɔ mɔnu le wo ŋu azã wo dometɔ ɖeka atsɔ atsi tsitre ɖe dzila kemɛ ŋu. Biblia ƒe gɔmeɖose kawoe ate ŋu akpe ɖe atsu kple asi ŋu be woana woƒe srɔ̃ɖeɖe nasẽ ŋu evɔ le ɣeyiɣi ma ke me la, woanɔ hehe nam wo viwo nyuie?

Kpɔ Ɣeyiɣi Ðe Wò Srɔ̃ɖeɖea Ŋu

Mawu ɖoe be atsu kple asi naɖe wo nɔewo hafi adzi vi, eye woayi edzi anye srɔ̃tɔwo ɣeyiɣi didi aɖe le wo viwo ƒe dzodzo le aƒe me megbe gɔ̃ hã. Biblia gblɔ ku ɖe srɔ̃ɖekadodoa ŋu be: “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.” (Mateo 19:6) To vovo na ema la, mawunyakpukpui si do ŋgɔ na ema ɖee fia be Mawu ɖoe be ɖevi ‘nagblẽ fofoa kple dadaa ɖi’ mlɔeba ne etsi. (Mateo 19:5) Le nyateƒe me la, hehenana ɖeviwo nye srɔ̃ɖeɖea ƒe akpa aɖe ko, menye eyae nye nu si koŋ dzi srɔ̃ɖeɖea nɔ te ɖo o. Ehiã godoo be dzilawo nakpɔ ɣeyiɣi ɖe wo viwo hehe ŋu, gake anyo be woaɖo ŋku edzi be srɔ̃ɖeɖe si li ke sesĩe ye nye gɔmeɖokpe nyuitɔ si dzi woanɔ te ɖo awɔ esia.

Mɔ siwo dzi atsu kple asi ate ŋu ato ana woƒe srɔ̃ɖekadodoa me nakpɔtɔ asẽ le ƒe siwo me wole wo viwo hem le me la dometɔ aɖewo ɖe? Ne anya wɔ la, miɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi miatsɔ anɔ anyi nɔm ɖekae edziedzi mia viwo manɔmee. Esia wɔwɔ ana mɔnukpɔkpɔ mi miaɖo dze tso nya vevi aɖewo siwo ku ɖe miaƒe ƒomea ŋu la ŋu ahase vivi le mia nɔewo gbɔ nɔnɔ me. Enye nyateƒe be ɣeyiɣi didi anɔ anyi ɖekae abe atsu kple asi ene mele bɔbɔe o. Alison, vidada aɖe si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ, gblɔ be: “Ne ewɔ abe mía kple srɔ̃nye míekpɔ ɣeyiɣi vi aɖe atsɔ anɔ anyi míawo ɖeɖe ko ene la, mía vinyɔnuvi ɖevitɔ adi be míakpɔ ye gbɔ alo mía vi si xɔ ƒe ade la anɔ nu wɔm abe ‘nu vevi’ aɖee le ewɔm ene, le kpɔɖeŋu me ne edi eƒe nuŋlɔtiwo do kpoe.”

Joan kple Darren, te ŋu kpɔ ɣeyiɣi ɖe wo nɔewo ŋu esi woɖo game si wòle be wo vinyɔnuviawo namlɔ anyi la na wo hekpɔa egbɔ be woɖo xɔ ne gamea de. Joan gblɔ be: “Míebia tso mía viawo si ɣesiaɣi be woamlɔ anyi ahanɔ klalo be yewoadɔ alɔ̃ ‘ne akaɖia tsi’ le game ɖoɖi la dzi.” Eyi edzi be: “Esia na ɣeyiɣi sua mía kple Darren si míeɖea dzi ɖi ɖoa dze.”

Ne atsu kple asi ɖo game aɖe koŋ si wòle be wo viwo namlɔ anyi na wo la, menye ɖeko woakpɔ vovo ɖe wo nɔewo ŋu o, ke boŋ woakpe ɖe wo viwo hã ŋu be ‘woagabu wo ɖokuiwo ŋu wu ale si dze o.’ (Romatɔwo 12:3) Mlɔeba la, ɖevi siwo wona hehee be woawɔ ɖe game si woɖo na wo be woamlɔ anyi dzi la dea dzesii be togbɔ be yewonye ƒomea ƒe akpa vevi aɖe hã la, menye yewo ɖeɖe koe o—le ema ta ele be yewoabɔbɔ ɖe ƒomea ƒe ɖoɖo si nu wòzɔna ɖo edziedzi la te, ke menye be woanɔ mɔ kpɔm be ƒomea natrɔ eƒe ɖoɖowo wòasɔ ɖe yewoƒe didiwo nu o.

TE MƆNU SIA KPƆ: Ðo game si wòle be viwòwo namlɔ anyi la na wo eye nàkpɔ egbɔ be wowɔ ɖe edzi ɣesiaɣi. Ne viwòa gblɔ susu aɖe si tae wòle be wòanɔ ŋu agbɔ game si nèɖo nɛ la ŋu vie, le kpɔɖeŋu me ne edi be yeano tsi la, ɖewohĩ àdi be yeaɖe mɔ ɖe biabia ɖeka ŋu nɛ. Gake mègaɖe mɔ na viwòa be wòayi edzi anɔ nu geɖewo biam kple susu be yeatsɔ ahe anyimɔmlɔ ƒe game ɖe megbe o. Ne viwòa di be yeanɔ ŋu miniti atɔ̃ aɖewo kpe game si nèɖo nɛ be wòamlɔ anyi ŋu, eye nèdi be yeaɖe mɔ nɛ la, tro wò gaƒoɖokui si ƒoa ga la ɖe miniti atɔ̃ dzi. Ne gaƒoɖokuia nya ɖi ko la, na ɖevia namlɔ anyi, eye mègaɖe mɔ ɖe nu bubu aɖeke ŋu nɛ o. Na wò ‘Ɛ̃ nanye Ɛ̃ ko, eye wò Ao nanye Ao ko.’—Mateo 5:37.

Miaƒe Nu Nesɔ

Lododo aɖe si me nunya le gblɔ be: “Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.” (Lododowo 1:8) Mawunyakpukpui sia ɖee fia be vifofo kple vidada siaa kpɔ mɔ ade se na wo viwo. Ke hã, ne atsu kple asi xɔ hehe ɖeka tɔgbi tso wo dzilawo gbɔ gɔ̃ hã la, ate ŋu adzɔ be woƒe nukpɔsusu nato vovo le ale si woahe ɖeviawo kple ƒomea ƒe sedede siwo ŋu dɔ wòle be woawɔ le nɔnɔme aɖe koŋ me la gome. Aleke dzilawo ate ŋu akpɔ kuxi sia gbɔe?

John si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Mekpɔe be ele vevie be míagaɖee afia le ɖeviawo ŋkume be míaƒe nu mesɔ o.” Ke hã, elɔ̃ ɖe edzi be menɔa bɔbɔe be dzilawo ƒe nu nasɔ le ɖeviwo ŋkume o. John gblɔ be: “Ðeviwo dea dzesi nuwo kaba. Nenye be míelɔ̃ ɖe nya ɖeka dzi o eye míeɖee gblɔ o gɔ̃ hã la, mía vinyɔnua kpɔnɛ dzea si le mo na mí.”

Aleke John kple Alison kpɔ kuxi sia gbɔe? Alison gblɔ be: “Ne nyemelɔ̃ ɖe to si hem srɔ̃nye le na mía vinyɔnua dzi o la, melalana va se ɖe esime mía via dzo hele teƒe aɖe si mate ŋu ase nya si gblɔm míele o vɔ hafi ɖea nye susuwo gblɔna. Nyemedi be wòase le eɖokui me be yeate ŋu awɔ ale si míaƒe nukpɔsusuwo to vovoe la ŋu dɔ atsɔ ana nyaʋiʋli naɖo mí edzilawo dome o. Ne ede dzesii be míaƒe nukpɔsusu to vovo le nane ŋu la, megblɔna nɛ be ele be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nawɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo dzi, eye be melɔ̃na bɔbɔna ɖe fofoa ƒe tanyenye te abe ale si ko wòle na eya hã be wòabɔbɔ ɖe mí edzilawo ƒe ŋusẽ tee ene.” (1 Korintotɔwo 11:3; Efesotɔwo 6:1-3) John gblɔ be: “Ne míenɔ anyi ɖekae abe ƒome ene la, mexɔa ŋgɔ le mía vinyɔnuawo ɖɔɖɔɖo me. Gake ne Alison nya nu tso nɔnɔmea ŋu nyuie wu la, meɖea mɔ wòxɔa ŋgɔ le wo ɖɔɖɔɖo me, emegbe medea srɔ̃nye ƒe nyawo dzi. Ne nyemelɔ̃ ɖe eƒe nya aɖe dzi o la, mía kplii míedzakanɛ emegbe.”

Aleke nàwɔ be màɖe mɔ mia kple srɔ̃wò ƒe nukpɔsusu ƒe vovototo le ɖeviwo hehe me nade mama mia dome, si awɔe be mia viwo magava nɔ bubu dem mia ŋu o?

TE MƆNU SIA KPƆ: Miɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi kwasiɖa sia kwasiɖa miatsɔ anɔ dze ɖom tso mia viwo hehe ŋu, eye miɖo dze tso masɔmasɔ ɖe sia ɖe si anya do mo ɖa la ŋu. Dze agbagba nàse srɔ̃wòa ƒe nukpɔsusu gɔme nɛ, eye nàlɔ̃ ɖe nyateƒenya si wònye be srɔ̃wòa hã le ƒomedodo tɔxɛ aɖe me kple ɖevia la dzi.

Vihehe Nena Miaƒe Srɔ̃ɖekadodoa Me Nasẽ Ðe Edzi

Ðikekemanɔmee la, vihehe mele bɔbɔe kura o. Ɣeaɖewoɣi la, adze abe dɔ sia wɔwɔ xɔ ŋusẽ katã le asiwò ene. Gake mia viwo ava dzo le aƒe me gbe ɖeka godoo, eye mia kple srɔ̃wò miagase le mia ɖokuiwo me abe atsu kple asi ene ake. Ðe nu siwo me mieto le mia viwo hehe me ana miaƒe srɔ̃ɖekadodoa me nasẽ ɖe edzi wu loo alo eme nagbɔdzɔ wua? Nyaŋuɖoɖoa anɔ te ɖe ale si miewɔ ɖe gɔmeɖose si le Nyagblɔla 4:9, 10 dzi la dzi. Afi ma gblɔ be: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka, elabena woakpɔ fetu nyui ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta. Elabena ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, nɔvia afɔe ɖe tsitre.”

Ne dzilawo wɔa nu aduadu abe kpeɖeŋutɔwo ene la, emetsonuawo ate ŋu ana woƒe dzi nadze eme ale gbegbe. Carol, srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, ɖe eƒe seselelãmewo gblɔ ale: “Menya be nɔnɔme nyui geɖewo le srɔ̃nye si, gake mía viwo hehe ɖekae na be megava ke ɖe srɔ̃nye ƒe nɔnɔme nyui bubu geɖewo ŋu. Ale si srɔ̃nyea léa be na mía vinyɔnuawo lɔlɔ̃tɔe la teƒe kpɔkpɔ na be ale si medea bubu eŋu kple ale si melɔ̃e la dzi ɖe edzi.” John gblɔ tso Alison ŋu be: “Ale si srɔ̃nye va zu vidada lébename aɖe la teƒe kpɔkpɔ na lɔlɔ̃ si le asinye nɛ kple ale si mekpɔa dzidzɔ ɖe eŋu la de to ɖe edzi.”

Ne mia kple srɔ̃wò miekpɔ ɣeyiɣi ɖe mia nɔewo ŋu le ƒe siwo mietsɔ he mia viwo me la, miaƒe srɔ̃ɖekadodoa me asẽ ɖe edzi zi ale si mia viwo le tsitsim. Ðe esia manye kpɔɖeŋu nyui aɖe ŋutɔ miaɖo na mia viwo oa?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

▪ Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ kae metsɔ nɔa anyi kple srɔ̃nye ɖeɖe ɖeviwo manɔmee kwasiɖa sia kwasiɖa?

▪ Mɔ ka nue meɖenɛ fiana le be mede srɔ̃nye dzi ne ele to hem na mía viwo?