Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

4 Ðu Wò Ðikekewo Dzi

4 Ðu Wò Ðikekewo Dzi

4 Ðu Wò Ðikekewo Dzi

“Wò xɔse ʋɛ tɔ, nu ka tae nèke ɖi?”—Mateo 14:31.

NU KAE NYE MƆXENUA? Ðikeke ɖo Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã me ɣeaɖewoɣi. (Mateo 14:30; Luka 24:36-39; Yohanes 20:24, 25) Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ tso xɔsemanɔamesi ŋu be enye “nu vɔ̃ si doa kplamatsɛ mí bɔbɔe.” (Hebritɔwo 12:1) Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Menye amewo katã sie xɔse le o.” (2 Tesalonikatɔwo 3:2) Menye ɖe wòfia be ame aɖewo ya mate ŋu aɖe nɔnɔme sia afia o. Ke boŋ, ame geɖe medzea agbagba be wòasu yewo si o. Mawu ayra ɖe ame siwo dina be wòasu yewo si la ƒe agbagbadzedzewo dzi.

ALEKE NÀWƆ AÐU MƆXENUA DZI? De dzesi nu siwo nana ɖikeke ɖoa me wò. Le kpɔɖeŋu me, Yesu ƒe nusrɔ̃la Toma ke ɖi be womefɔ Yesu ɖe tsitre o, togbɔ be nusrɔ̃la bubuwo gblɔ be yewokpɔe hã. Toma di be ye ŋutɔ yeakpɔ kpeɖodzia. Nu kae do tso eme? Yesu na wòkpɔ kpeɖodzi si hiã bene xɔse sẽŋu nanɔ esi lae.—Yohanes 20:24-29.

Yehowa Mawu toa Biblia dzi naa ŋuɖoɖo siwo míehiã be míakpɔ ta na ɖikeke siwo ɖoa mía me la mí. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe megaxɔ Mawu dzi se o le esi wobua fɔe be eya ŋutɔ alo eƒe mɔɖeɖe tae ameƒomea le fu kpem le aʋawɔwɔ, ŋutasẽnuwɔwɔ, kple hiãkame si me ɖo ta. Nu kae Biblia gblɔ tso nya sia ŋu?

Mawu meɖua mía dzi to amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo dzi o. Yesu yɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ makpɔmakpɔ si nye Satana be eyae nye “xexea dzi ɖula.” (Yohanes 14:30) Satana tsɔ fiaɖuƒe siwo katã le xexea me la ƒe dziɖuŋusẽ ɖo Yesu ŋkume hegblɔ be: “Matsɔ ŋusẽ sia katã kple woƒe ŋutikɔkɔe ana wò, elabena nyee wotsɔe de asi na, eye matsɔe ana ame sia ame si medi be matsɔe ana.” Yesu megblɔ be ŋusẽ sia mele Satana si o. Ke boŋ, egblɔ be: “Woŋlɔ ɖi be, ‘Yehowa wò Mawu ye wòle be nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe wòle be nàwɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na.’” (Luka 4:5-8) Satana kple amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo gbɔe xexea me ƒe kuxiwo tso, ke menye Mawu gbɔe o.—Nyaɖeɖefia 12:9, 12.

Eteƒe madidi o, Yehowa Mawu aɖe nu siwo katã nana míekpea fu la ɖa. Ewɔ ɖoɖo ɖe Fiaɖuƒe, alo Dziɖuɖu aɖe si le Via, Kristo Yesu, si me la ŋu be wòaɖu ameƒomea dzi. (Mateo 6:9, 10; 1 Korintotɔwo 15:20-28) Le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava nu la, wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le anyigba bliboa katã dzi. (Mateo 24:14) Eteƒe madidi o Fiaɖuƒe sia aɖe ame siwo katã tsia tsitre ɖe eŋu la ɖa ahabu mo na nu siwo katã nana amewo kpea fu.—Daniel 2:44; Mateo 25:31-33, 46; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

VIÐE KAE ADO TSO EME? Ame siwo kea ɖi la le abe ƒutsotsoe siwo “ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, to amewo ƒe beble me” ene. (Efesotɔwo 4:14; 2 Petro 2:1) Gake ame siwo kpɔa biabia siwo ɖea fu na wo la ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo la tea ŋu nɔa “tsitre sesĩe le xɔse la me.”—1 Korintotɔwo 16:13.

Yehowa Ðasefowo, ame siwo ta magazine sia, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ ŋuɖoɖo na nya siwo naa ɖikeke ɖoa mewò la. Wole kpewòm be nava de ha kpli yewo be wò ŋutɔ nàdo yewoƒe nufiafiawo akpɔ. Esia wɔwɔ ana wò Mawu dzi xɔxɔ se me agasẽ ɖe edzi wu.

Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? * ƒe ta 8 lia si nye “Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?” kple eƒe ta 11 lia si nye “Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?” hena numeɖeɖe bubuwo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ame siwo kpɔa biabia siwo ɖea fu na wo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo la ƒe xɔse lia ke