Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI: ÐE MAWU ƑE TAME SẼA?

Nu Ka Tae Amewo Gblɔna Be Mawu Ƒe Tame Sẽ Ðo?

Nu Ka Tae Amewo Gblɔna Be Mawu Ƒe Tame Sẽ Ðo?

ÐE NYABIASE si le magazine sia ƒe akpaa dzi la wɔ nuku na wòa? Ewɔa nuku na ame aɖewo, gake ame geɖewo ƒe susu wɔna na wo eveveve, eye ame aɖewo hã susui be Mawu ƒe tame sẽ. Nu ka tae?

Ame siwo tsi agbe le dzɔdzɔmefɔkuwo me la dometɔ aɖewo biana be: “Nu ka tae Mawu ɖea mɔ nu siawo dzɔna? Ðe metsɔ ɖeke le eme na mí oa? Alo ɖe eƒe tame sẽ taea?”

Le ame bubuwo hã gome la, nu siwo woxlẽ le Biblia me ye ɖea fu na wo. Ne woxlẽ nu tso ŋutinya si ku ɖe Noa kple Tsiɖɔɖɔa ŋu la, wobiana be, ‘Nu ka tae Mawu lɔ̃ame atsrɔ̃ ame mawo katã? Ŋutasẽlae wònyea?’

Ðe nèbiaa nya siawo tɔgbi ɖokuiwò ɣeaɖewoɣia? Alo ɖe wòsesẽna na wò be nàɖo nya ŋu na ame siwo biana be ɖe Mawu ƒe tame sẽ hã? Aleke kee wòɖale o, bu biabia bubu aɖe si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go sia me ŋu kpɔ.

NU KA TAE MÍELÉA FU ŊUTASESẼ ÐO?

Ne míagblɔe kpuie ko la, nu si tae míeléa fu ŋutasesẽ ɖoe nye be ŋutete le mía si be míade vovo nyui kple vɔ̃ dome. Esia nye vovototo gã aɖe si le mía kple lãwo dome. Mía Wɔla la wɔ mí ɖe ‘eƒe nɔnɔme nu.’ (1 Mose 1:27) Nu kae nya ma fia? Efia be ewɔ mí kple ŋutete be míaɖe eƒe nɔnɔmewo afia, anɔ agbe ɖe eƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo nu, eye míade vovo nyui kple vɔ̃ dome. Bu nya sia ŋu kpɔ: Ne Mawue na ŋutete mí be míade vovo nyui kple vɔ̃ dome eye míalé fu ŋutasesẽ la, ɖe esia mefia be eya ŋutɔ hã léa fui oa?

Biblia ɖo kpe nya sia dzi, eye Mawu ka ɖe edzi na mí le Biblia me be: ‘Nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo kple nye susuwo wu miaƒe susuwo.’ (Yesaya 55:9) Ne míegblɔna be Mawu ƒe tame sẽ la, ɖe ema mafia be míetsi tsitre ɖe nyateƒenya ma ŋu eye míele gbɔgblɔm be míaƒe mɔwo kɔ wu Mawu tɔwo oa? Gake nunya anɔ eme be míanya nyateƒenya geɖe hafi aƒo nya ta nenema. Ðewohĩ nya si wòle be míabiae nye be, nu ka tae Mawu ƒe nuwɔna aɖewo dzena abe ŋutasesẽnu ene, ke menye be ɖe Mawu ƒe tame sẽ hã o. Be míase nya sia gɔme nyuie la, gbã la, na míakpɔe ɖa be nu ka tututue “ŋutasesẽ” fia hã.

Ne míegblɔ be ame aɖe nye ŋutasẽla la, ke míele gbɔgblɔm be susu vɔ̃ ye le esi. Ŋutasẽla nye ame si kpɔa dzidzɔ ne ame bubuwo le fu kpem alo be metsɔa ɖeke le eme na ame siwo le fu kpem o. Eya ta ne vifofo aɖe hea to na via le esi wòdzɔa dzi nɛ be yeakpɔ eƒe nuxaxa teƒe ta la, ke ŋutasẽlae wònye. Gake vifofo si hea to na via kple susu be wòadze nunya alo be yeakpɔ eta la nye vifofo nyui. Ele bɔbɔe be míase amewo ƒe nuwɔnawo gɔme bubui, eye ànya de dzesi esia, vevietɔ ne wobu susu vɔ̃ ɖe ŋuwò kpɔ.

Na míadzro susu eve aɖewo siwo tae ame aɖewo gblɔna be Mawu ƒe tame sẽ la me kpɔ—woawoe nye, dzɔdzɔmefɔku siwo teƒe kpɔm míele egbea kple Biblia me ŋutinya siwo ku ɖe toheʋɔnu aɖewo siwo Mawu drɔ̃ ŋu. Ðe kpeɖodzi li vavã be Mawu ƒe tame sẽa?