Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TE ÐE MAWU ŊU

“Yehowa Tsɔ Ke Mi Faa”

“Yehowa Tsɔ Ke Mi Faa”

“Ame si mate ŋu atsɔ vodadawo ake o la le tɔdzisasrã si dzi to ge eya ŋutɔ gbɔna la mum ƒu anyi.” Nya ma si Eŋlisiawo ƒe ŋutinyaŋlɔla Edward Herbert, si nɔ anyi le ƒe alafa 17 lia me, gblɔ la te gbe ɖe susu siwo tae wòhiã be míatsɔ ake la dometɔ ɖeka dzi. Eyae nye be: Ava hiã gbe ɖeka be míawo hã míabia amewo be woatsɔ míaƒe vodadawo ake mí. (Mateo 7:12) Gake susu vevi bubu aɖe li si tae wòle be míatsɔ anɔ ame bubuwo kem ɖo. De dzesi nya si apostolo Paulo gblɔ le Kolosetɔwo 3:13.—Xlẽe.

Esi wònye be mí katã míede blibo o ta la, ate ŋu adzɔ be míada vo ɖe mía nɔewo ŋu ɣeaɖewoɣi. (Romatɔwo 3:23) Aleke míawɔ be míanɔ anyi le ŋutifafa me kple mía havi amegbetɔ madeblibowo? Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Paulo wòɖo aɖaŋu na mí be míahe adodo kple mía nɔewo eye míatsɔ ake mía nɔewo. Aɖaŋuɖoɖo ma le vevie egbea abe ale si ko wònɔ esime woŋlɔe ƒe akpe eve kloe ye nye esi va yi ene. Na míagadzro Paulo ƒe nyaa me nyuie kpɔ.

“Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo.” Helagbe me nya si gɔme woɖe be “miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple” la fia be woahe adodo kple ame nɔewo alo agbɔ dzi ɖi na ame nɔewo. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Kristotɔwo ɖea nɔnɔme sia fiana “ne wolɔ̃na faa ŋea aɖaba ƒua ame bubuwo ƒe vodadawo kple woƒe nɔnɔme manyomanyo siwo doa dziku na wo la dzi.” Nya si nye “kple mia nɔewo” la fia be aɖaŋuɖoɖoa yi na akpa evea siaa. Esia fia be, ne míeɖoa ŋku edzi be nɔnɔme aɖewo le míawo hã si siwo doa dziku na ame bubuwo la, ekema míaɖe mɔ be nu siwo medoa dzidzɔ na mí le mía haviwo ŋu o la nagblẽ ŋutifafa si le mía kpli wo dome la me o. Ke ne mía haviwo dze agɔ le mía dzi ya ɖe?

“Miyi edzi . . . miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa.” Le agbalẽnyala aɖe ƒe nya nu la, Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘miatsɔ ake faa’ la “menye nya si wozãna edziedzi na tsɔtsɔke o . . . ke boŋ ede ŋgɔ wu, elabena ete gbe ɖe ale si woakɔ dzi me faa atsɔe ake keŋkeŋ la dzi.” Agbalẽnyala bubu aɖe hã gblɔ be nya ma ate ŋu afia “be woawɔ nu si aɖe vi na ame, ado dzidzɔ nɛ, alo ave enu.” ‘Ne nya aɖe le mía si ɖe mía nɔviwo ŋu’ eye míelɔ̃na faa tsɔ kea wo la, ke míele eɖem fia be míenyoa dɔme. Gake nu ka tae wòle be míalɔ̃ faa atsɔ ake mía nɔviwo? Susu ɖekae nye be, ava hiã gbe ɖeka be míawo hã míabia ame si dze agɔ le mía dzi la be wòatsɔ míaƒe vodada ake mí.

“Ale si ko Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.” Susu vevitɔ si tae wòle be míatsɔe ake ame bubuwo lae nye esi: Yehowa Mawu tsɔna kea mí faa. (Mixa 7:18) Tɔ sẽe nàbu ale si gbegbe Yehowa vea nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me la nui ŋu kpɔ. Yehowa mele abe míawo ene o, elabena eya mewɔa nu vɔ̃ o. Ke hã elɔ̃na faa tsɔa nu vɔ̃ wɔla siwo trɔa dzi me la ƒe nu vɔ̃wo kea wo keŋkeŋ, togbɔ be enyae be mava hiã gbeɖe be nu vɔ̃ wɔlaawo natsɔ ake ye o hã. Vavãe, Yehowae tsɔa nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me la ƒe nu vɔ̃wo kea wo wu ame bubu ɖe sia ɖe!

Yehowae tsɔa nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me la ƒe nu vɔ̃wo kea wo wu ame bubu ɖe sia ɖe!

Yehowa ƒe amenuveve hea mí ɖe eyama ŋu eye wòʋãa mí be míasrɔ̃e. (Efesotɔwo 4:32–5:1) Anyo be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Esi Yehowa vea nunye tsɔa nye nu vɔ̃wo keam faa la, ɖe wòle be nye ya masẽ dzi me agbe be nyematsɔ hanyevi ame madeblibo si trɔ dzi me vavã la ƒe nu vɔ̃ si wòwɔ ɖe ŋunye la akee oa?’Luka 17:3, 4.