Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Nyemedi Be Maku O!

Nyemedi Be Maku O!
  • ƑE SI ME WODZII: 1964

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: ENGLAND

  • AME SI WÒNYE TSÃ: ÐETUGBUIVI DZEAGLÃ SI SI VI LE

NYE ŊUTINYA

Wodzim le Paddington, si nye London ƒe akpa si amewo sɔ gbɔ ɖo le England. Nye kple nɔnye kpakple nɔvinyenyɔnu etɔ̃ siwo tsi wum lae nɔ afi ma. Ɣeaɖewoɣi koe fofonye nɔa mía gbɔ elabena ahanomunɔe wònye.

Le nye ɖevime la, danye fiam be manɔ gbe dom ɖa zã sia zã. Biblia sue aɖe si me Psalmowo ɖeɖe ko le la nɔ asinye, eye mezãa psalmoawo tsɔ dzia hae. Megaɖoa ŋku nya aɖe si mexlẽ le agbalẽ aɖe me si tsi susu me nam la dzi kokoko, egblɔ be: “Gbe ɖeka la, etsɔ aɖeke maganɔ anyi o.” Metsia zãdomadɔlɔ̃e ɖe nya mawo ta henɔa etsɔme ŋu bum. Nye susu wɔna nam be, ‘Nane ta kokokoe míele agbe ɖo. ‘Nu ka tae mele agbe ɖo?’ Nyemedi be maku o!

Meva ƒo ɖokuinye ɖe gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo me vĩi. Meyɔa ŋɔli, nye kple nye sukuhatiwo meyia ameɖibɔwo me eye míekpɔa sinima doŋɔdzinamewo. Wovivia mía nu gake wogadoa vɔvɔ̃ na mí hã.

Ƒe ewo pɛ ko mexɔ esi mete agbe dzeakaɖa nɔnɔ. Medze sigaretnono, eye eteƒe medidi kura hafi enono va mam o. Emegbe meva srɔ̃ gbekuinono hã. Kaka maxɔ ƒe 11 la, mete ahanono xoxo. Togbɔ be aha mevivia nunye o hã la, mesea vivi ne memu. Haƒoƒo kple ɣeɖuɖu dzɔa dzi nam. Medea kplɔ̃ɖoƒewo kple zãmodzakaɖeƒewo ɣeaɖewoɣi. Medoa go le aƒe me le zã me dzaa gagbɔna hafi ŋu kena. Esi ɖeɖi tea ŋunye ne ŋu ke ta la, metsia aƒe, nyemeyia suku o. Ne meyi gɔ̃ hã la, le gbɔɖemeɣiwo la, meva noa aha hafi míeva yia nusɔsrɔ̃a dzi.

Mege le dodokpɔ me esi mewu suku nu. Danye menya ale si gbegbe nye agbenɔnɔ gblẽe o eya ta mekpɔ ŋudzedze ɖe nye dodokpɔa me tsonuwo ŋu kura o eye wòdo dziku. Nye kplii míewɔ dzre, eye mesi dzo le aƒe me. Meva nɔ nye ahiãvi Tony si nye Rastatɔ gbɔ vie. Tony fia fi, dzraa atike vɔ̃ɖiwo hewɔa adã ale gbegbe. Eteƒe medidi hafi mefɔ fu o, eye medzi mía vi ŋutsuvia esi mexɔ ƒe 16 ko.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ

Menɔ aƒe aɖe si me vidada srɔ̃manɔsitɔwo kple wo vi vidzĩwo nɔna esi medo go Yehowa Ðasefowo zi gbãtɔ. Dziɖuɖuae na xɔm le afi ma menɔ eme. Nyɔnu Ðasefo eve aɖewo va srãa ɖetugbui siwo nye vidadawo dometɔ aɖewo kpɔna le afi ma. Esi wova gbe ɖeka la, nye hã meva ɖo to woƒe dzeɖoɖoa. Ðe meva kple susu be maɖee afia Ðasefoawo be woƒe nyawo menye nyateƒe o. Ke hã, woɖo nye nyabiase gbogboawo ŋu ɖekaɖeka tso Biblia me dzigbɔɖitɔe wo me kɔ nam. Wofa tu eye wowɔa nu ɖe ame ŋu nyuie, eye esia dzɔ dzi nam ŋutɔ. Eya ta melɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kple nye hã.

Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, mesrɔ̃ nane le Biblia me si trɔ nye agbenɔnɔ. Mevɔ̃a ku tso nye ɖevime ke. Gake fifia meva srɔ̃ nu tso Yesu ƒe nufiafia ku ɖe tsitretsitsia ŋu! (Yohanes 5:28, 29) Megasrɔ̃e hã be Mawu léa be nam. (1 Petro 5:7) Yeremiya 29:11 me nyawo wɔ dɔ ɖe dzinye vevie, Yehowa gblɔ le afi ma be: “‘Elabena menya tame si meɖo ɖe mia ŋu la nyuie, ŋutifafa ƒe tamee, ke menye vɔ̃ tɔ o, ne mana mɔkpɔkpɔ mi eye etsɔme nanyo na mi.’” Meva nɔ edzi xɔm se be mate ŋu ava nɔ Paradiso me le anyigba dzi tegbee.—Psalmo 37:29.

Yehowa Ðasefowo ɖee fia be yewolɔ̃m vevie. Esi mede woƒe kpekpe aɖe zi gbãtɔ la, ame sia ame do vivi ɖe ŋunye ale gbegbe! (Yohanes 13:34, 35) Ema to vovo kura na ale si amewo wɔa nu ɖe ŋunye ne meyi míaƒe sɔleme. Ðasefoawo ya xɔm atuu togbɔ be nye nɔnɔmewo vloe hã. Wokpɔa vovo ɖe ŋunye, léa be nam, woɖoa to sea nye nyawo eye wona kpekpeɖeŋu hãm. Ena mese le ɖokuinye me be mele ƒome gã lɔ̃ame aɖe me.

Meva kpɔe dze sii le nye Biblia sɔsrɔ̃ me be ele be mawɔ tɔtrɔwo le nye agbe me be mate ŋu awɔ ɖe Mawu ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe nudidiwo dzi. Menɔ bɔbɔe be madzudzɔ sigaretnono o. Mekpɔe be haƒoƒo aɖewo nana wòdzroam be mano gbekui, eya ta nyemegaƒoa ha mawo o. Medi be madzudzɔ nu mawo, eya ta nyemegayia kplɔ̃ɖoƒewo kple zãmodzakaɖeƒewo, afi si mate ŋu amu aha le la o. Medze xɔlɔ̃ yeye siwo akpe ɖe ŋunye manɔ agbe nyui.—Lododowo 13:20.

Tony hã nɔ Biblia srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi. Esi Ðasefoawo zã Biblia tsɔ ɖo eƒe nyabiasewo ŋu nɛ ta la, eya hã va ka ɖe nu siwo srɔ̃m wònɔ dzi be eyae nye nyateƒea. Ewɔ tɔtrɔ gãwo le eƒe agbe me: megadea ha kple exɔlɔ̃ siwo wɔa adã o, edzudzɔ fififi eye wòdzudzɔ gbekuiyɔyɔ. Míedi be míadze Yehowa ŋu nyuie, eya ta mí ame evea míekpɔe be ele be míaɖɔ nuwo ɖo ale be míate ŋu ahe mía via le mɔ nyuitɔ nu. Míeɖe srɔ̃ le ƒe 1982 me.

“Nyemegatsia zãdomadɔlɔ̃e le vɔvɔ̃ na etsɔme alo na ku ta o”

Meɖo ŋku edzi be media ame siwo wɔ tɔtrɔ siwo medi be mawɔ la ƒe ŋutinyawo le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! * magazinewo me. Woƒe kpɔɖeŋuwo do ŋusẽm ale gbegbe! Esia de dzi ƒo nam be magana ta o ke boŋ mado vevie nu. Medoa gbe ɖa na Yehowa be megagblẽm ɖi o. Wonyrɔ nye kple srɔ̃nye Tony le July ƒe 1982 me míezu Yehowa Ðasefowo.

VIÐE SIWO MEKPƆ

Nye kple Yehowa dome va le nyuie eye esia kpɔ tanye. Yehowa kpe ɖe nye kple Tony ŋu le nɔnɔme sesẽwo me. Míesrɔ̃ ale si míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le nɔnɔme sesẽwo me eye míekpɔe be ekpe ɖe míaƒe ƒomea ŋu.—Psalmo 55:22.

Edzɔa dzi nam be makpe ɖe vinyeŋutsu kple vinyenyɔnua ŋu be woava nya Yehowa abe nye ke ene. Fifiaa, dzi dzɔam nenema ke be vinyeawo ƒe viwo hã le zɔzɔm le Yehowa vɔvɔ̃ me.

Nyemegatsia zãdomadɔlɔ̃e le vɔvɔ̃ na etsɔme alo na ku ta o. Fifiaa, nye kple Tony míeyina ɖasrãa Yehowa Ðasefowo ƒe hame vovovowo kpɔ eye míedea dzi ƒo na wo kwasiɖa sia kwasiɖa. Míewɔa ɖeka kple hamea fia nu ame bubuwo be ne woxɔ Yesu dzi se la, woawo hã woava nɔ agbe tegbee.

^ mm. 17 Yehowa Ðasefowoe tae.