Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Ðeviwo Kple Asitelefon Zazã—Akpa 1: Ðe Wòle Be Asitelefon Nanɔ Vinye Sia?

Ðeviwo Kple Asitelefon Zazã—Akpa 1: Ðe Wòle Be Asitelefon Nanɔ Vinye Sia?

 Asitelefon a va le ɖevi geɖe si fifia, eye wo dometɔ geɖe zãnɛ tsɔ yia Internet dzi faa esime woawo ɖeɖe wole woƒe xɔgã me. Ne èɖe mɔ asitelefon le viwò si la, nu kawoe wòate ŋu agblẽ le ɖevia ŋu? Vi kawoe ezazã ate ŋu aɖe nɛ? Nu kae ate ŋu adzɔ ne viwòa gblẽa ɣeyiɣi geɖe ɖe ezazã ŋu?

 Nu si wòle be nànya

 Viɖeawo

  •   Ate ŋu ana ɖeviwo nanɔ dedie eye dzilawo ƒe susu nadze akɔ anyi. Bethany, si nye vidada si si ƒewuivi eve le gblɔ be: “Xexe vɔ̃ɖi mee míele, eye ele vevie be ɖeviwo nate ŋu ado ka kple wo dzilawo.”

     Vidada aɖe si ŋkɔe nye Catherine gblɔ go bubu si me asitelefon zazã ate ŋu aɖe vi le ale: “Fon dzi dɔwɔnu aɖewo li siwo ate ŋu ana nàtsya ka kple viwò ƒe fon anya afi si tututu wòle. Eye ne ʋu kumee wòle la, àte ŋu anya ale si gbegbe ʋua le du dzii.”

  •   Ate ŋu akpe ɖe eŋu le sukudɔdeasiwo wɔwɔ me. Vidada aɖe si ŋkɔe nye Marie gblɔ be: “Wote ŋu toa email alo text message dzi ɖoa sukudɔdeasiwo ɖe ɖeviwo be woawɔ le aƒe me, eye ɖeviwo toa mɔnu ma ke dzi doa ka kple woƒe nufialawo.”

 Nu Siwo Wòate Ŋu Agblẽ

  •   Ezazã fũu akpa. Sɔhɛ akpa gãtɔ gblẽa gaƒoƒo geɖe ɖe woƒe fon ŋu gbe sia gbe. Gake menye sɔhɛwo koe o. Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi si gbegbe dzilawo hã zãna ɖe woƒe fon ŋu la de sɔsɔ ge kple ɣeyiɣi si wozãna tsɔ ɖoa dze kple wo viwo. Numekula aɖe gblɔ be le aƒe geɖewo me la, nɔnɔmea va le ko abe “ame manyawo koe va ƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka eye ame sia ame vu ɖe eƒe elektrɔnikmɔ̃ ŋu ene.” b

  •   Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ. Wogblɔ le numekuku aɖe me be, ɣleti sia ɣleti la, ƒewuiviwo katã ƒe afã kple edzivɔ dia amamaɖeɖenuwɔnawo le Internet dzi. Esia mewɔ nuku o, elabe ele bɔbɔe ŋutɔ be ame nazã asitelefon atsɔ ake ɖe nu mawo ŋu. Vifofo aɖe si ŋkɔe nye William, si si ƒewuivi eve le, gblɔ be: “Ne dzilawo ɖe mɔ na wo viwo be woazã asitelefon la, ɖeko wole mɔ ʋum ɖi na wo be woake ɖe amamaɖeɖenuwɔna ƒomevi vovovowo ŋu le afi sia afi si woayi.”

  •   Wova zua kluvi na ezazã. Ame geɖe ƒe dzi va kuna ɖe woƒe fon ŋu fũu akpa. Ne woƒe fon bu la, vɔvɔ̃ ɖoa wo, wotsia dzi le wo ɖokui me, eye wosena le wo ɖokui me abe ɖe wodze dɔ ene. Dzila aɖewo de dzesii be ne yewo viwo nya le asitelefon zãm ko la, womeƒoa nu na ame bubutɔe o. Carmen gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi ne vinyeŋutsuvia le eƒe fon zãm eye medi be maƒo nu nɛ la, ɖeko wòyɔa mo eye wòdaa gbe ɖo ɖem, elabena medi be magblẽ nu si wɔm yele la me na ye o.”

  •   Kuxi bubuwo. Ne ɖeviwo le asitelefon zãm la, wo hatiwo tea ŋu toa kadodomɔnuwo dzi dia ge le wo ŋu, alo woɖoa foto kple nyatakaka siwo ku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu ɖe wo. Eye esi wònye be wonɔa woƒe fon ŋu gaƒoƒo geɖe ta la, kpeƒekpeƒewo va nɔa wo vem, eye alɔ̃ hã mesua wo o, si wɔnɛ be lãmesẽkuxi vovovowo ɖea fu na wo. Sɔhɛ aɖewo hã zãa fon dzi dɔwɔnu tɔxɛwo tsɔ wɔnɛ be ne nu manyomanyo aɖe le woƒe fon dzi la, wozãa dɔwɔnu aɖe si ŋu naneke megblẽ le o, abe akɔntabunu ene, tsɔ xea eŋkume be woaflu wo dzilawo.

     Daniel, si nye vifofo aɖe si vinyɔnu nye ƒewuivi, ƒo eta ale: “Asitelefon ate ŋu awɔe be ɖevi nakpɔ nu ɖe sia ɖe ƒomevi le Internet dzi—eɖanye nu nyui alo nu gbegblẽ o.”

 Nya si wòle be nàbia

  •   ‘Ðe wòhiã be asitelefon nɔnɔ vinye sia?’

     Biblia gblɔ be: “Aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.” (Lododowo 14:15) Esi nya sia le susu me na wò la, bia ɖokuiwò be:

     ‘Ðe dedienɔnɔ ƒe nyawo alo susu bubu aɖewo li si tae wòahiã be asitelefon nanɔ vinye sia? Ðe mebu viɖeawo kple kuxi siwo ate ŋu ado tso eme la ŋua? Ðe wòate ŋu azã fon si meyia Internet dzi o boŋua?’

     Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Todd gblɔ be: “Fon siwo womate ŋu azã atsɔ ayi Internet dzi o hã gakpɔtɔ li, eye àte ŋu aŋlɔ nu aɖo ɖe viwò alo ayɔe le edzi. Eye fon mawo mexɔ asi hã o.”

  •   ‘Ðe vinyea su te be wòazã asitelefona?’

     Biblia gblɔ be: “Nunyala ƒe dzi kplɔnɛ toa mɔ dzɔdzɔe dzi.” (Nyagblɔla 10:2) Esi nya sia le susu me na wò la, bia ɖokuiwò be:

     ‘Nu kae na mesusu be mate ŋu aka ɖe vinyea dzi? Ðe wòtea ŋu ɖoa dze nam faa tso nu sia nu ŋua? Ðe wòsesẽna na vinyea ɣeaɖewoɣi be wòaɖi anukwarea? Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòdina be yeaɣla ame siwo wòdea ha kplii la ɖema? Ðe wòsrɔ̃ ale si wòaɖu eɖokui dzi xoxo le mɔ̃ bubuwo abe television, tablɛt, alo kɔmpiuta ene zazã mea?’ Vidada aɖe si ŋkɔe nye Serena gblɔ be: “Dɔwɔnu nyui aɖee asitelefon nye, gake ate ŋu agblẽ nu vevie hã. Esi viwòa metsi haɖe o ta la, bu eŋu nyuie kpɔ be ɖe wòsu te aɖɔ ŋu ɖo le asitelefon zazã me hã.”

  •   ‘Ðe mesu te be makpe ɖe vinyea ŋua?’

     Biblia gblɔ be: “Mla ɖevi ɖe mɔ si wòato la ŋu.” (Lododowo 22:6) Esi nya sia le susu me na wò la, bia ɖokuiwò be:

     ‘Ðe menya fon me nyuie be makpe ɖe vinyea ŋu wòanya afɔku siwo le asitelefon zazã me kple ale si wòaƒo asa na woa? Ðe menya ale si matrɔ asi le fona ŋu be wòaxe mɔ ɖe nu manyomanyowo ŋu be woagadze le edzi oa? Aleke mate ŋu akpe ɖe vinyea ŋu be wòaɖɔ ŋu ɖo ne ele asitelefon zãm?’ Daniel, si nye vifofo si ŋu nya míegblɔ va yi, gblɔ be: “Mekpɔ eteƒe zi geɖe be dzilawo tsɔ asitelefon de wo viwo si eye womegatsɔ ɖeke le ale si wole ezãm me o.”

 Nya vevitɔ: Ehiã be woana hehe ɖeviwo ɖe asitelefon zazã nyuie ŋu. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Esesẽna na ɖevi geɖe ŋutɔ be woaɖu wo ɖokui dzi be woagagblẽ ɣeyiɣi fũu akpa ɖe elektrɔnikmɔ̃ siawo zazã ŋu o, vevietɔ ne wo dzilawo menya nu si wɔm wole o alo be womena mɔfiame aɖeke wo tso ezazã ŋu o.”—Indistractable.

a Le nyati sia me la, “asitelefon” fia fon si wote ŋu zãna tsɔ yia Internet dzi.

b Etso agbalẽ si ƒe tanya nye Disconnected, me. Thomas Kersting ye ŋlɔe.