Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Biblia Ƒo Nu Tso Nyɔnu-Kple-Nyɔnu Alo Ŋutsu-Kple-Ŋutsu Ƒe Srɔ̃ɖeɖe Ŋua?

Ðe Biblia Ƒo Nu Tso Nyɔnu-Kple-Nyɔnu Alo Ŋutsu-Kple-Ŋutsu Ƒe Srɔ̃ɖeɖe Ŋua?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Mía Wɔla de sewo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩ ke hafi dziɖuɖuwo va te sewo dede ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu. Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ gblɔ na mí be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.” (1 Mose 2:24) Numekugbalẽ aɖe (Vine’s Expository Dictionary of Biblical Words) gblɔ be Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “srɔ̃” la fia “amegbetɔ nyɔnu.” Yesu ɖo kpe edzi be ele be ame siwo aɖe wo nɔewo la nanye “atsu kple asi.”—Mateo 19:4.

 Eya ta ɖe Mawu ɖoe be srɔ̃ɖeɖe nanye kadodo sẽŋu aɖe si anɔ anyi ɖaa le ŋutsu kple nyɔnu dome. Wowɔ ŋutsu kple nyɔnu wosɔ nyuie na wo nɔewo ale be woakpe ɖe wo nɔewo ŋu ahakpɔ wo nɔewo ƒe seselelãme kple gbɔdɔdɔ ƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye woadzi viwo.