Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Tsatsadada Nye Nu Vɔ̃a?

Ðe Tsatsadada Nye Nu Vɔ̃a?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Togbɔ be Biblia meƒo nu tso tsatsadada ŋu tsitotsito o hã la, míate ŋu anɔ te ɖe Biblia me nyawo dzi aƒo nya ta be Mawu bua tsatsadada be enye nu vɔ̃.​—Efesotɔwo 5:17. a

  •   Ŋukeklẽe dɔa ame wòdaa tsatsa, evɔ Mawu lé fu ŋukeklẽ. (1 Korintotɔwo 6:9, 10; Efesotɔwo 5:3, 5) Tsatsadalawo kpɔa mɔ be ame bubuwo ƒe ga nafiã ne yewoaɖu, evɔ Biblia de se be ame aɖeke megabiã ŋu ehavi ƒe nunɔamesiwo o.​—2 Mose 20:17; Romatɔwo 7:7; 13:9, 10.

  •   Tsatsa viviwo dada gɔ̃ hã ate ŋu awɔe be nɔnɔme gblẽnuleameŋu si nye galɔlɔ̃ nanyɔ ɖe ame me.​—1 Timoteo 6:​9, 10.

  •   Zi geɖe la, aʋatsodzixɔsewo alo dzɔgbe nyui ŋue tsatsadalawo ɖoa ŋu ɖo. Gake Mawu ya bua aʋatsodzixɔse mawo be wonye trɔ̃subɔsubɔ, eye mesɔ kura be esubɔlawo nakpɔ gome le trɔ̃subɔsubɔ me o.​—Yesaya 65:11.

  •   Le esi míadi be kesinɔnuwo nasu mía si agbagba aɖeke madzemadze teƒe la, Biblia ya de dzi ƒo na mí be míawɔ dɔ sesĩe. (Nyagblɔla 2:24; Efesotɔwo 4:28) Ame siwo wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi la ɖua “nu siwo woawo ŋutɔwo wɔ dɔ kpɔ.”—2 Tesalonikatɔwo 3:10, 12.

  •   Tsatsadada nana hoʋiʋli manyomanyo ɖoa amewo dome, Biblia de se be míatsri hoʋiʋli sia tɔgbi.​—Galatiatɔwo 5:26.

a Zi ɖeka ko wozã nya si fia tsatsadada le Biblia me wòku ɖe Roma-srafowo ŋu esi wodzidze nu alo “da akɔ” ɖe Yesu ƒe awu dzi.​—Mateo 27:35; Yohanes 19:23, 24; Agbenya La.