Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye ‘Dzota’ La? Eya Kee Nye Dzo Mavɔ Alo Gehena?

Nu Kae Nye ‘Dzota’ La? Eya Kee Nye Dzo Mavɔ Alo Gehena?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Dzota nye kpɔɖeŋu na tsɔtsrɔ̃ mavɔ. Esɔ kple Gehena, gake eto vovo na tsiẽƒe si gɔme woɖena le Biblia aɖewo me be dzo mavɔ. Nu si nya si gɔme woɖena be dzo mavɔ fia ŋutɔŋutɔe nye tsiẽƒe, si nye ameƒomea ƒe yɔdo.

Menye ta ŋutɔŋutɔe o

 Mawunyakpukpui atɔ̃ siwo me “dzota” dze le la ɖee fia be menye ta ŋutɔŋutɔe o, ke boŋ kpɔɖeŋumɔ nue wozãe le. (Nyaɖeɖefia 19:20; 20:10, 14, 15; 21:8) Wotsɔ nu vovovo siawo ƒu gbe ɖe dzota la me:

Etsi tsitre ɖi na tsɔtsrɔ̃ mavɔ

 Biblia gblɔ be dzota la “le tsitre ɖi na ku evelia.” (Nyaɖeɖefia 20:14; 21:8) Ku gbãtɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me lae nye ku si Adam ƒe nu vɔ̃ he va mía dzi eye woate ŋu aɖe amewo tso ku sia me to tsitretsitsia dzi. Eye Mawu ava ɖe ku sia ɖa mlɔeba.​—1 Korintotɔwo 15:21, 22, 26.

Womete ŋu aɖe ame tso kpɔɖeŋudzota la me o

 Dzota ya le tsitre ɖi na ku ƒomevi bubu alo ku evelia. Togbɔ be eya hã nye agbemanɔmanɔ keŋkeŋ ƒe nɔnɔme hã la, eto vovo sãsãsã na gbãtɔa, elabena Biblia megblɔ nya aɖeke tso tsitretsitsi tso ku sia me ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be “ku kple Tsiẽƒe ƒe safuiwo le” Yesu si, eye esia ɖee fia be ŋusẽ le esi be wòafɔ ame siwo ku le Adam ƒe nu vɔ̃a ta la. (Nyaɖeɖefia 1:18; 20:13) Ke hã, dzota ya ƒe safui mele Yesu loo alo ame bubu aɖeke si o. Kpɔɖeŋudzota sia le tsitre ɖi na tohehe mavɔ si nye tsɔtsrɔ̃ mavɔ.​—2 Tesalonikatɔwo 1:9.

Dzota la kee nye Gehena, si gɔmee nye Hinom Bali

 Nya Gehena (Helagbe, geʹen·na) dze le Biblia me zi 12 sɔŋ. Eya hã nye tsɔtsrɔ̃ mavɔ, abe ale si wòle le dzota gome ene. Togbɔ be woɖe nya sia gɔme le Biblia aɖewo me be “dzo mavɔ” (tsiẽƒe) hã la, Gehena to vovo na tsiẽƒe (Hebrigbe sheʼohlʹ, Helagbe haiʹdes).

Hinom Bali

 “Gehena” ƒe gɔmeɖeɖe tẽe nye “Hinom Bali,” si nye bali aɖe le Yerusalem-dua godo tututu. Le Biblia-ŋlɔɣiwo la, dua me tɔwo kɔa gbeɖuɖɔ le balia me. Wona dzo nɔa bibim le afi ma ɣesiaɣi ale be gbeɖuɖɔwo nabi; eye nyéwo ɖua nu siwo dzoa mete ŋu fiã o.

 Yesu zã Gehena tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na tsɔtsrɔ̃ mavɔ. (Mateo 23:33) Egblɔ be “nyéwo mekuna” le Gehena o, “eye dzo metsina” le afi ma o. (Marko 9:47, 48) Eto nya siawo dzi le nu ƒom tso nu siwo yia edzi le Hinom Bali la me kple nyagblɔɖi si le Yesaya 66:24 me hã ŋu. Mawunyakpukpui ma gblɔ be: “Woado ayi aɖakpɔ ame siwo da vo ɖe ŋunye la ƒe kukuawo; elabena woƒe nyéwo maku o, eye woƒe dzo la matsi o.” Yesu ƒe kpɔɖeŋu sia mefia funyafunyawɔwɔ ame o, ke boŋ tsɔtsrɔ̃ ɖikaa. Ŋutilã kukuwo domee dzo kple nyéwo gblẽna, menye ame gbagbewo o.

 Biblia megblɔ nya aɖeke si fia be ame siwo yi Gehena la ate ŋu afɔ o. “Dzota” la kple “Gehena ƒe dzo la” siaa le tsitre ɖi na tsɔtsrɔ̃ mavɔ.—Nyaɖeɖefia 20:14, 15; 21:8; Mateo 18:9.

Aleke “woawɔ fu wo zã kple keli tegbetegbee”?

 Ne tsɔtsrɔ̃ koe dzota la le tsitre ɖi na ɖe, ke nu ka tae Biblia gblɔ be “woawɔ fu” Abosam, lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila la le eme “zã kple keli tegbetegbee”? (Nyaɖeɖefia 20:10) Na míadzro susu ene siwo tae mate ŋu anye be fuwɔwɔ ame ŋutɔŋutɔe wowɔnɛ le afi sia o la me:

  1.   Hafi woate ŋu anɔ funyafunya wɔm Abosam tegbee la, ke ahiã be wòanɔ agbe tegbee. Evɔ Biblia gblɔ be woaxɔ ŋusẽ le esi alo atsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ.​—Hebritɔwo 2:​14.

  2.   Mawu ƒe nunanae agbe mavɔ nye, menye tohehee o.​—Romatɔwo 6:​23.

  3.   Kpɔɖeŋunuwoe lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila nye, eya ta womate ŋu awɔ funyafunya wo o.

  4.   Biblia me nyawo ɖee fia be funyafunya si woawɔ Abosam la tsi tsitre ɖi na mɔxexe ɖe enu alo etsɔtsrɔ̃ ɖa tegbee.

 Nyagbe “woawɔ fu” si wozã le Biblia me la agate ŋu afia “mɔxexe ɖe ame nu.” Le kpɔɖeŋu me, woɖe Helagbe me nya si gɔmee nye “ŋutasẽlawo” gɔme le Biblia geɖewo me le Mateo 18:34 be “gaxɔdzikpɔlawo.” Esia ɖee fia be kadodo aɖe le ‘fuwɔwɔ ame’ kple “mɔxexe ɖe ame nu” dome. Nenema ke le Mateo 8:​29 kple Luka 8:​30, 31 siwo ƒo nu tso nudzɔdzɔ ɖeka ŋu la, wotsɔ ‘fuwɔame’ sɔ kple ‘aʋli me,’ si le tsitre ɖi na dɔmawɔmawɔ alo ku. (Romatɔwo 10:7; Nyaɖeɖefia 20:1, 3) Le nyateƒe me la, wozã “woawɔ fu” alo “wɔ fu” le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me zi geɖe.—Nyaɖeɖefia 9:5; 11:10; 18:7, 10.