Dzo kpo yi emenuwo dzi

Mose Ye Ŋlɔ Biblia?

Mose Ye Ŋlɔ Biblia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Mawu na Mose ŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔwo: Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, Mose Ƒe Agbalẽ Evelia, Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia, Mose Ƒe Agbalẽ Enelia kple Mose Ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia. Eye anɔ eme be eya kee ŋlɔ Hiob ƒe agbalẽa kple Psalmo 90 lia. Gake ŋutsu 40 siwo Mawu zã woŋlɔ Biblia la dometɔ ɖeka koe Mose nye.