Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Mawu Fiaɖuƒea Awɔ Na Mí?

Nu Kae Mawu Fiaɖuƒea Awɔ Na Mí?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Mawu Fiaɖuƒea ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe eye wòaɖu anyigba bliboa dzi. (Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 16:14) Ne esia nya va eme ko la, ke Mawu Fiaɖuƒea. . .

  •   Aɖe ame vɔ̃ɖi siwo ƒe ɖokuitɔdidinuwɔnawo gblẽa nu le mía ŋu la ɖa. “Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi.”—Lododowo 2:22.

  •   Atsi aʋawɔwɔ nu tegbee. “[Mawu atsi] aʋawɔwɔwo nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.”—Psalmo 46:9.

  •   Ahe nunyoname kple dedienɔnɔ ava anyigba dzi. “Ame sia ame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe wainka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ.”—Mixa 4:4.

  •   Ana anyigba nazu paradiso. “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.”—Yesaya 35:1.

  •   Ana ame sia ame nakpɔ dɔ nyui awɔ eye woƒe dzi adze eme. “[Mawu ƒe] ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo. Womadze agbagba dzodzro o.”—Yesaya 65:21-23.

  •   Aɖe dɔléle ɖa keŋkeŋ. “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.

  •   Aɖe amegãkuku ɖa. “Ekema dzo aɖo eƒe lãme abe ɖekakpui ene, eye wòagaɖo eƒe ɖekakpuiŋkekewo me.”—Hiob 33:25.

  •   Agbɔ agbe ame kukuwo. “Ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase [Yesu ƒe] gbe, eye woado go.”—Yohanes 5:28, 29.