Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kawoe Nàwɔ Be Nànya Mawu Nyuie?

Nu Kawoe Nàwɔ Be Nànya Mawu Nyuie?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Àte ŋu anya Mawu ne èsrɔ̃a nu tso eŋu eye nèwɔa nu siwo dzea eŋu. Ne èwɔ esia, Mawu ‘ate ɖe ŋuwò.’ (Yakobo 4:8) Biblia ka ɖe edzi na mí be ‘mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ o.’—Dɔwɔwɔwo 17:27.

 Nu siwo wòle be nàwɔ be nànya Mawu

 Xlẽ Biblia

  •  Nya si Biblia gblɔ: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.”—2 Timoteo 3:16.

  •  Nu si wòfia: Mawu ƒe nyawoe le Biblia me. Eɖe eƒe susuwo fia Biblia ŋlɔlawo eye woŋlɔ nu siwo wòɖe fia woa ɖi. Mawu to agbalẽ tɔxɛ sia dzi na míenya nu si wòdi tso mía si. Azɔ hã, ena míenya eƒe nɔnɔmewo; esia ƒe ɖewoe nye lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye, kple nublanuikpɔkpɔ.—2 Mose 34:6; 5 Mose 32:4.

  •  Nu si nàte ŋu awɔ: Xlẽ Biblia gbe sia gbe. (Yosua 1:8) De ŋugble le nu siwo nèxlẽ ŋu, eye nàbia ɖokuiwò be: ‘Nu kae esia fiam tso Mawu ŋu?’—Psalmo 77:12.

     Le kpɔɖeŋu me, xlẽ Yeremiya 29:11, eye nàbia ɖokuiwò be: ‘Tame kae Mawu ɖo ɖe ŋunye—ŋutifafa ƒe tame yea, alo vɔ̃ tɔe? Mawu si dia vɔ̃e na ame ye wònyea, alo edi be etsɔme nanyo nam?’

 Lé ŋku ɖe nuwɔwɔwo ŋu

  •  Nya si Biblia gblɔ: “[Mawu ƒe] nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena gaglãa wokpɔna tso xexea wɔwɔ dzi, elabe wodze ƒãa le nu siwo wòwɔ la me.”—Romatɔwo 1:20.

  •  Nu si wòfia: Mawu ƒe nuwɔwɔwo ɖea nanewo fiaa mí tso ame si wònye ŋu, abe ale si ko nutata ɖea nu geɖe fiana tso nutalaa ŋu, eye mɔ̃ deŋgɔ hã ɖea nu geɖe fiana tso mɔ̃a wɔla ŋu ene. Le kpɔɖeŋu me, ŋutete si gbegbe le amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ ŋu kple ale si eƒe wɔwɔme wɔ nukui la ɖe Mawu ƒe nunya fia, eye ŋusẽ si gbegbe dona tso ɣe kple ɣletivi bubuwo mea ɖea Mawu ƒe ŋusẽ fiana.—Psalmo 104:24; Yesaya 40:26.

  •  Nu si nàte ŋu awɔ: Di ɣeyiɣi nàlé ŋku ɖe nuwɔwɔwo ŋu eye nàsrɔ̃ nu tso wo ŋu. Ne èle esia wɔma, bia ɖokuiwò be, ‘Nu kae ale si nuwɔwɔwo ƒe wɔwɔme wɔ nukuia ɖe fiam tso Mawu ŋu?’ a Gake nu geɖewo li míate ŋu anya tso mía Wɔlaa ŋu to ŋkuléle ɖe nuwɔwɔwo ɖeɖe ŋu o. Esia tae wòna Biblia mí ɖo.

 Zã Mawu ƒe ŋkɔa

  •  Nya si Biblia gblɔ: “Makpɔ eta, elabena enya nye ŋkɔ. Ayɔm, eye matɔ nɛ.”—Psalmo 91:14, 15.

  •  Nu si wòfia: Mawu, Ame si ŋkɔe nye Yehowa la, tsɔa ɖe le eme na ame siwo nya eƒe ŋkɔ eye wodea bubu eƒe ŋkɔa ŋu. b (Psalmo 83:18; Malaki 3:16) Esi Mawu ɖe eƒe ŋkɔa fia mí la, esia fia be edi be míanya ye. Eya tae wògblɔ le eƒe Nyaa me be, “Nyee nye Yehowa. Ŋkɔnyee.”—Yesaya 42:8.

  •  Nu si nàte ŋu awɔ:Yehowa ƒe ŋkɔ ne èle nu ƒom tso eŋu.

 Nɔ gbe dom ɖa na Yehowa

  •  Nya si Biblia gblɔ: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ.”—Psalmo 145:18.

  •  Nu si wòfia: Yehowa tena ɖe ame siwo doa gbe ɖa nɛ le xɔse mea ŋu. Gbedodoɖa nye Mawu subɔsubɔ ƒe akpa aɖe, eye míetoa gbedodoɖa dzi dea bubu deto Mawu ŋu.

  •  Nu si nàte ŋu awɔ: Nɔ gbe dom ɖa na Mawu edziedzi. (1 Tesalonikatɔwo 5:17) Gblɔ wò dzimaɖitsitsiwo kple wò seselelãmewo nɛ.—Psalmo 62:8. c

 Wɔ nu siwo ana nàxɔ Mawu dzi ase

  •  Nya si Biblia gblɔ: “Ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze Mawu ŋu nyuie o.”—Hebritɔwo 11:6.

  •  Nu si wòfia: Hafi míate ŋu ate ɖe Mawu ŋua, ele be míaxɔ eyama dzi se. Le Biblia mea, be xɔse nanɔ ame si mefia ko be ame naxɔe se be Mawu li ko evɔ o. Ebia hã be míaka ɖe edzi bliboe, si fia be míaka ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi eye míaka ɖe edzi be nu si wòdi tso mía si ye nye nyuitɔ. Kaka ɖe ame nɔewo dzi le vevie hafi ko xɔlɔ̃wɔwɔ ate ŋu ali ke.

  •  Nu si nàte ŋu awɔ: Hafi xɔse vavã nanɔ ame si la, ele be wòasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu. (Romatɔwo 10:17) Eya ta srɔ̃ Biblia be nàkpɔ nu siwo tae nàte ŋu aka ɖe Mawu kple eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoasrɔ̃ Biblia kpli wò. d

 Wɔ nu siwo dzea Mawu ŋu

  •  Nya si Biblia gblɔ: “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi, be míalé eƒe seawo me ɖe asi.”—1 Yohanes 5:3.

  •  Nu si wòfia: Yehowa tena ɖe ame siwo ɖenɛ fiana be yewolɔ̃e eye wodzea agbagba wɔa eƒe sewo dzia ŋu.

  •  Nu si nàte ŋu awɔ: Ne èle Biblia srɔ̃ma, de dzesi nu siwo Mawu lɔ̃na kple nu siwo melɔ̃na o. Bia ɖokuiwò be, ‘Tɔtrɔ kawoe màte ŋu awɔ be madze Wɔlaa ŋu?’—1 Tesalonikatɔwo 4:1.

 Wɔ Mawu ƒe mɔfiamewo dzi ne nàkpɔ ale si wòléa be na wòe

  •  Nya si Biblia gblɔ: “Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, [Mawu] ƒe dɔme nyo.”—Psalmo 34:8, Eʋegbe Biblia.

  •  Nu si wòfia: Mawu le kpewòm be wò ŋutɔ nàkpɔ ale si yeƒe dɔme nyoe. Ne ède dzesi ale si wòlɔ̃ wò eye wòkpena ɖe ŋuwòe la, àdi be yeate ɖe eŋu.

  •  Nu si nàte ŋu awɔ: Ne èle Biblia xlẽma, wɔ Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi eye nàkpɔ ale si esia aɖe vi na wòe. (Yesaya 48:17, 18) Azɔ hã, de dzesi ale si esia wɔwɔ ɖe vi na ame aɖewoe. Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu mea, wo dometɔ aɖewo ɖu kuxiwo dzi, agbea va nyo na woawo ŋutɔwo kple woƒe ƒomewo, eye wokpɔ dzidzɔ vavãtɔ. e

 Susu totro siwo le amewo si ku ɖe Mawu ŋu

 Susu totro: Mawu nye ŋusẽtɔ gã kple bubume si madi be yeate ɖe mía ŋu o.

 Nyateƒea: Togbɔ be Mawue nye ŋusẽkatãtɔ kple Bubume gãtɔ kekeake hãa, ekpe mí be míate ɖe ye ŋu. Ŋutsu kple nyɔnu geɖe siwo va nye exɔlɔ̃ kplikplikpliwo la ƒe ŋutinyawo le Biblia me.—Dɔwɔwɔwo 13:22; Yakobo 2:23.

 Susu totro: Míate ŋu anya Mawu o elabe míate ŋu ase Mawu gɔme o.

 Nyateƒea: Esesẽna be míase nanewo gɔme tso Mawu ŋu ya. Esia ƒe kpɔɖeŋue nye ale si wònye Gbɔgbɔ. Ke hã, míate ŋu anya Mawu. Le nyateƒe mea, Biblia gblɔ be ele be míanya Mawu ale be míate ŋu akpɔ agbe mavɔ. (Yohanes 17:3) Biblia zã nya siwo gɔme míate ŋu ase tsɔ ɖe nu geɖe fia mí tso mía Wɔlaa, Ame si wònye, tame si wòɖo ɖe amegbetɔwo kple anyigbaa ŋu, kple eƒe nudidiwo ŋu. (Yesaya 45:18, 19; 1 Timoteo 2:4) Eye abe ale si míekpɔe va yi enea, Biblia na míenya Mawu ƒe ŋkɔ hã. (Psalmo 83:18) Eya ta menye ɖeko míate ŋu anya Mawu o, ke míate ŋu ate ɖe eŋu hã.—Yakobo 4:8.

a Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso ale si Mawu ƒe nunya dze le nuwɔwɔwo me ŋua, kpɔ nyati kple video siwo nye, “Ðe Wowɔea?

b Ame geɖe se egɔme be ŋkɔ Yehowa gɔmee nye “Enana Wòvaa Eme.” Esi Mawu ɖe eƒe ŋkɔa fia mí la, ɖeko wòle abe ele gbɔgblɔm na mí be: ‘Mana nye lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖowo nava eme. Mewɔa nya siwo megblɔa dzi ɣesiaɣi.’

d Ne èdi numeɖeɖe geɖe wua, kpɔ video si nye, Aleke Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e?

e Kpɔ nyati siwo nye “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm.”