Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Biblia Ðe Mɔ Be Woagbe Srɔ̃a?

Ðe Biblia Ðe Mɔ Be Woagbe Srɔ̃a?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia meɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋu o. Gake Yesu yɔ nu ɖeka aɖe ya si ta woate ŋu agbe srɔ̃ ɖo wòasɔ, esi wògblɔ be: “Ame si ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubu aɖe la, eyae wɔ ahasi.”—Mateo 19:9, Eʋegbe Biblia.

 Mawu lé fu ayemɔwo dzi toto agbe ame srɔ̃. Abia akɔnta ame siwo gbea wo srɔ̃wo le nya maɖinyawo ta, vevietɔ ame siwo gbea wo srɔ̃wo kple susu be yewoaɖe ame bubu.—Maleaxi 2:13-16; Marko 10:9.