Dzo kpo yi emenuwo dzi

Biblia Xexlẽ Ƒe Ðoɖowo

Biblia Xexlẽ Ƒe Ðoɖowo

Nunya vavãtɔ si nu ame anɔ agbe ɖo la le Biblia me. Ne èxlẽnɛ hedea ŋugble le eŋu edziedzi eye nèwɔa nu si nèxlẽna dzi la, “wò mɔwo adze edzi na wò.” (Yosua 1:8; Psalmo 1:1-3) Àva nya Mawu kple Via Yesu hã, eye sidzedze ma ate ŋu ana nàkpɔ ɖeɖe.—Yohanes 17:3.

Ðoɖo ka nue wòle be nàxlẽ Biblia-gbalẽwo le? Mɔnu vovovowo li. Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi sia akpe ɖe ŋuwò be nàxlẽ Biblia-gbalẽwo le ɖoɖo si nu wole le Biblia me nu alo nàxlẽ wo le agbalẽwo ƒe hatsotso siwo le amadede vovovowo me la nu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu atiae be yeaxlẽ Biblia-gbalẽ siwo ana nàkpɔ ale si Mawu wɔ nu kple blema Israel-viwo. Àte ŋu atiae hã be yeaxlẽ agbalẽ bubu siwo ana nàkpɔ ale si woɖo Kristo-hame gbãtɔ anyi eye wòva keke tae. Ne èxlẽa tawo ƒe hatsotso ɖeka gbe sia gbe la, àxlẽ Biblia bliboa le ƒe ɖeka me.

Nenye be èle Biblia xexlẽ gbe sia gbe ƒe ɖoɖo, ƒe ɖeka ƒe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo, alo Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo na ame siwo di be yewoadze Biblia xexlẽ gɔme dim la, ɖoɖowɔɖi sia akpe ɖe ŋuwò. Wɔ Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi sia si nàte ŋu ata la ƒe kɔpi, eye nàdze ezazã gɔme egbea.