Dzo kpo yi emenuwo dzi

ÐE WOWƆEA?

Ale Si Anyidi Ƒomevi Aɖe Ðea Ðinuwo Le Eƒe Dzesidenu Ŋu

Ale Si Anyidi Ƒomevi Aɖe Ðea Ðinuwo Le Eƒe Dzesidenu Ŋu

Hafi nugbagbeviwo nate ŋu adzo, ade nu dzi, alo ade dzesi nu siwo ƒo xlã wo la, ele vevie ŋutɔ be woanɔ dzadzɛ. Le kpɔɖeŋu me, ne anyidi ƒe dzesidenu ƒo ɖi la, asesẽ nɛ be wòado ka kple anyidi bubuwo, wòanya mɔ si wòato, alo wòase nuwo ƒe ʋeʋẽ. Eya ta lãwo ŋuti nunyala Alexander Hackmann gblɔ be “asesẽ ŋutɔ be nàkpɔ nugbagbevi aɖe si ƒo ɖi.” Egblɔ kpee be, “Woto mɔ aɖe dzi nya ale si woaɖe ɖinuwo ɖa le wo ɖokuiwo ŋu.”

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Hackmann kple eƒe dɔwɔhatiwo lé ŋku ɖe ale si anyidi ƒomevi aɖe (Camponotus rufifemur) wɔna ɖea ɖinuwo ɖa le eƒe dzesidenua ŋui. Wode dzesii be mɔ si dzi anyidia tona ɖea ɖinu siwo ƒe lolome le vovovo la ɖa le eƒe dzesidenua ŋue nye be eglɔ̃a eƒe afɔ wòxana eye wòhea eƒe dzesidenua toa eme. Nu siwo le abe yiɖa ene siwo le eƒe afɔwo ŋu la ɖea ɖinu siwo lolo wu la ɖa. Be wòaɖe ɖinu siwo le sue wu la, ehea eƒe dzesidenua toa yiɖa ƒomevi bubu si le eƒe afɔ ŋu la me. Dometsotso siwo le yiɖa ma me la sɔ kple anyidia ƒe dzesidenua ƒe titrime pɛpɛpɛ. Yiɖa si ƒe dometsotsowo gale sue wu la ɖea ɖinu suetɔ kekeake ɖa, ne ɖinua ƒe lolome le abe amegbetɔ ƒe ɖakui ɖeka ƒe titrime si woma ɖe teƒe 80 la ƒe akpa ɖeka ko gɔ̃ hã.

Kpɔ ale si anyidi sia ɖea ɖinuwo ɖa le eƒe dzesidenua ŋui

Hackmann kple eƒe dɔwɔhatiwo xɔe se be mɔnu si ŋu dɔ anyidi sia wɔna ɖea ɖinuwo ɖa le eƒe dzesidenua ŋu la ate ŋu aɖe vi na adzɔhawo. Le kpɔɖeŋu me, le adzɔha siwo me wowɔa elektrɔnik ŋudɔwɔnuwo le la, ɖinu suetɔ kekeake gɔ̃ hã ate ŋu agblẽ nu le nu siwo wɔm wole la ŋu, eya ta woate ŋu awɔ anyidi sia ƒe ɖinuwo ɖeɖe ƒe mɔnua ŋu dɔ.

Nu kae nèsusu: Ðe ale si anyidi sia ɖea ɖinuwo ɖa le eƒe dzesidenua ŋu la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?