Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

Efesotɔwo 3:20—‘Mawu Tea Ŋu Wɔa Nu Sia Nu Geɖe Wua Nu Siwo Katã Míebiana Alo Míedzea Sii’

Efesotɔwo 3:20—‘Mawu Tea Ŋu Wɔa Nu Sia Nu Geɖe Wua Nu Siwo Katã Míebiana Alo Míedzea Sii’

 “Ke ame si ate ŋu awɔ nu siwo míebiana alo nu siwo vaa míaƒe susu me la na mí wòagbɔ eŋu sãsãsã le eƒe ŋusẽ si le dɔ wɔm le mía me nu la, eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe.”—Efesotɔwo 3:20, 21, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.

 “Ke ame si tea ŋu wɔna wua nu sia nu geɖe wua nu siwo katã míebiana alo míedzea si le ŋusẽ, si le dɔ wɔm ŋusẽtɔe le mía me nu la, eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe.”—Efesotɔwo 3:20, 21, Eʋegbe Biblia.

Nu si Efesotɔwo 3:20 fia

 Apostolo Paulo ka ɖe edzi be Mawu ate ŋu aɖo esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo ŋu eye nu siwo wòawɔ na wo la ate ŋu agbɔ nu siwo wole mɔ kpɔm na ŋu. Ale si Mawu awɔ esubɔlawo ƒe dzimedidiwo dzi na wo la ate ŋu agbɔ nu siwo wole mɔ kpɔm na ŋu sãsãsã.

 “Ame si ate ŋu awɔ nu siwo míebiana . . . le eƒe ŋusẽ si le dɔ wɔm le mía me nu.” Kpukpui 21 lia na míekpɔe be Yehowa Mawue nye “ame” si ƒe nya gblɔm wole. a Paulo gblɔ le afi ma be: “Eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe to hame la kple Kristo Yesu dzi.” Míekpɔe be Mawu ate ŋu ado ŋusẽ mí alo alé mí ɖe te ale be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.—Filipitɔwo 4:13.

 Le kpukpui 20 lia, apostolo Paulo na míekpɔ nu ɖedzesi aɖe le ŋutete si le Yehowa si be wòakpe ɖe esubɔlawo ŋu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ tso nya “ame si ate ŋu,” ŋu be: “Menye ɖe kpukpui sia le gbɔgblɔm be Mawu ate ŋu awɔ nane alo ɖewohĩ awɔe o. Ke boŋ efia be ŋusẽ le esi be wòawɔe vavã.” Mía xɔlɔ̃wo adi be yewoakpe ɖe mía ŋu evɔ menye ɣesiaɣie woate ŋui o. Gake Yehowa ya ate ŋu aɖo esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo ŋu ɣesiaɣi eye ate ŋu awɔ nu sia nu atsɔ alé be na wo hã. Yehowa ɖeka koe nye ame si seɖoƒe meli na eƒe ŋusẽ kple ŋutete o.—Yesaya 40:26.

 “[Mawu] ate ŋu awɔ nu siwo míebiana alo nu siwo vaa míaƒe susu me la na mí wòagbɔ eŋu sãsãsã.” Yehowa ate ŋu ana nu siwo esubɔlawo hiã la wo alo wòana wo “wòagbɔ eŋu sãsãsã.” Ate ŋu akpe ɖe esubɔlawo ŋu geɖe wu ale si wodii alo awɔe wòawu gbɔgblɔ kura gɔ̃ hã.

 Nya siwo nye ‘awɔ nu siwo míebiana alo nu siwo vaa míaƒe susu me wòagbɔ eŋu’ la le nu vevi aɖe fiam mí. Nu si gɔme apostoloa di be Kristotɔwo katã nase ye nye be, Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu wòawu ale si míele le mɔ kpɔm na sãsãsã. Agbenya La Biblia gblɔ le kpukpui 20 lia ƒe nuwuƒe be: “Ete ŋu wɔa nu sia nu na mí wòsɔa gbɔ fũ wu ale si míebiana, alo nu si míebuna gɔ̃ hã.” Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu awɔ na Kristotɔ aɖe be yeƒe kuxiwo sɔ gbɔ akpa alo be wowu tsɔtsɔ na ye. Ðewohĩ meganya nu si wòado gbe ɖa abia gɔ̃ hã o. Gake Yehowa nya nu sia nu si me tom míele eye ate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã. Le ɣeyiɣi si sɔ dzi la, akpɔ míaƒe kuxi ɖe sia ɖe gbɔ le mɔ si míele mɔ kpɔm na kura o nu. (Hiob 42:2; Yeremiya 32:17) Gake fifia yaa, edoa ŋusẽ mí be míado dzi, ɛ̃ be míado dzi kple dzidzɔ gɔ̃ hã!—Yakobo 1:2, 3.

Nya siwo ƒo xlã Efesotɔwo 3:20

 Efesotɔwo ƒe agbalẽa nye lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Efeso le Asia Sue, si nye egbegbe Turkey ƒe akpa aɖe. Lɛta sia nye gbe si Paulo do ɖa ɖe wo ta me nya aɖewo. (Efesotɔwo 3:14-21) Edo gbe ɖa ɖe wo ta be woasrɔ̃ ale si lɔlɔ̃ ʋãa Kristo wòbua nuwo ŋu kple ale si wòwɔa nui ale be woava dzesi Kristo la ƒe lɔlɔ̃. Nya siawo yi na mí Kristotɔwo katã hã. Paulo kafu Mawu le Efesotɔwo 3:20, 21 tsɔ wu eƒe gbedodoɖa la nu.

 Kpɔ video kpui sia be nànya nu si ŋu Efesotɔwo ƒe agbalẽa ku ɖo.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?