Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

Yeremiya 29:11—“Menya Tame Si Meɖo Ðe Mia Ŋu”

Yeremiya 29:11—“Menya Tame Si Meɖo Ðe Mia Ŋu”

 “Yehowa a be, ‘elabena menya tame si meɖo ɖe mia ŋu la nyuie, ŋutifafa ƒe tamee, ke menye vɔ̃ tɔ o, ne mana mɔkpɔkpɔ mi eye etsɔme nanyo na mi.’”—Yeremiya 29:11, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia.

 “Yehowa be: Elabena menya tame, si meɖo ɖe mia ŋu la, ŋutifafa ƒe tamee, eye menye dzɔgbevɔ̃e ƒe tame o, ne mana nuwuwu, si miele mɔ kpɔm na la mi.”—Yeremiya 29:11, Eʋegbe Biblia.

Nu si Yeremiya 29:11 fia

 Yehowa Mawu do ŋugbe na esubɔlawo be ŋutifafa ƒe tamee yeɖo ɖe wo ŋu. Togbɔ be Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi va yi ye woŋlɔ nya siawo na hã, nya mawo gakpɔtɔ ɖe tame si le Mawu si na eƒe amewo egbea fia. Eyae nye “Mawu si naa mɔkpɔkpɔ.” (Romatɔwo 15:13) Nyateƒeae nye be, Mawu na woŋlɔ ŋugbedodo sia ɖe Biblia me ale be “mɔkpɔkpɔ nasu mía si” le etsɔme nyui si le ŋgɔ na mí la ŋu.—Romatɔwo 15:4.

Nya siwo ƒo xlã Yeremiya 29:11

 Nya siawo nye agbalẽ si woŋlɔ ɖo ɖe Israel-vi siwo wolé dzoe le Yerusalem b yi Babilon me nyawo ƒe akpa aɖe. (Yeremiya 29:1) Mawu na Israel-vi siwo wolé dzoe la nya be woanɔ Babilon eteƒe adidi eye woatu aƒewo, ade agblewo eye woaɖe srɔ̃ adzi viwo gɔ̃ hã. (Yeremiya 29:4-9) Ke hã, Mawu gblɔ kpee be: “Ne ƒe blaadre la de le Babilon la, ekema matrɔ susu ɖe mia ŋu, eye mawɔ ŋugbe si medo na mi la dzi ahakplɔ mi agbɔe ava [Yerusalem].” (Yeremiya 29:10) Mawu ka ɖe edzi na wo be yemaŋlɔ wo be o, eye woƒe didi si nye be yewoatrɔ agbɔ ava Yerusalem la ava eme na wo.—Yeremiya 29:10.

 Mawu wɔ ɖe ŋugbe si wòdo na Israel-viwo la dzi. Abe ale si wògblɔe ɖi ene la, Persia Fia Kores ɖu Babilon dzi. (Yesaya 45:1, 2; Yeremiya 51:30-32) Esia wɔe be Kores na Yudatɔwo trɔ yi wo de, Yerusalem. Esi wonɔ Babilon ƒe 70 megbea, wotrɔ gbɔ va Yerusalem.—2 Kronika 36:20-23; Ezra 3:1.

 Esi Mawu wɔ ɖe eƒe ŋugbedodo si le Yeremiya 29:11 dzia, esia na míeka ɖe ŋugbe siwo wòdo na mí egbea hã dzi. Ŋugbedodo mawo dometɔ aɖee nye ale si wòato Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia, Kristo Yesu dzi ana ŋutifafa naxɔ anyigba bliboa dzi.—Psalmo 37:10, 11, 29; Yesaya 55:11; Mateo 6:10.

Susu Totro Siwo Le Amewo Si Ku Ðe Yeremiya 29:11 Ŋu

 Susu totro: Mawu ɖo “tame” aɖe koŋ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.

 Nyateƒea: Mawu naa ame sia ame tiana nu si wòdi be yeawɔ le agbe me. Israel-vi siwo nɔ Babilon ye eƒe nya siwo le Yeremiya 29:11 yi na. Eye eɖo tame aɖe ɖe Israel dukɔ bliboa ŋu, si nye ŋutifafa ƒe tame. (Yeremiya 29:4) Ke hã, Mawu di be ame sia ame natiae nenye be yeƒe ŋugbedodoa aɖe vi nɛ loo alo maɖe vi nɛ o. (5 Mose 30:19, 20; Yeremiya 29:32) Ame siwo tiae be yewoadi Mawu la wɔa esia to gbedodoɖa tso dzi me nɛ me.—Yeremiya 29:12, 13.

Xlẽ Yeremiya ta 29, etenuŋɔŋlɔawo kple mawunyakpukpui bubu siwo wofia asii le eme.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.

b Agbalẽ aɖe gblɔ tso Yeremiya 29:11 ŋu be: “Esiae nye ŋugbedodo lédziname siwo le Biblia me la dometɔ ɖeka, si ɖe ale si Yahweh [Yehowa] ƒe dɔme trɔ ɖe aboyomeawo ŋu kple ale si wòna kakaɖedzi wo be nuwo ava nyo.”—(The Expositor’s Bible Commentary Volume 7, axa 360).