Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

WATCHTOWER LIBRARY

Ale Si Nàda Nu Yeyewo Ðe Watchtower Library Dzi

Ale Si Nàda Nu Yeyewo Ðe Watchtower Library Dzi

Àte ŋu ana be Watchtower Library la ŋutɔ nazã internet atsɔ anɔ nu yeye siwo va edzi la dim, alo wò ŋutɔ àte ŋu azã nu yeyewo ƒe kɔpi si nèwɔ xoxo la ƒe faɛl atsɔ ada agbalẽ kple nyati yeyewo ɖe Watchtower Library la dzi.

Na Nu Yeyewo Nadze Le Wo Ðokui Si

Zɔ ɖe mɔfiame siwo le ete la dzi nàna Watchtower Library ŋutɔ nazã Internet atsɔ adi agbalẽ kple nyati yeye siwo va.

  1. Ʋu Watchtower Library, eye nàzi Nudiƒe dzi, eyome ʋu Tiatiawɔƒe eye Nudiƒe ƒe Tiatiawɔƒe ƒe aɖaka aʋu na wò.

  2. Le Nudiƒe ƒe Tiatiawɔƒe ƒe aɖaka me la, zi Nu Yeyewo dzi, eye nàtia Newɔ nu yeyewo ƒe kɔpi le eɖokui si.

  3. Ɣesiaɣi si Watchtower Library ƒe nu yeyewo va Internet dzi la, àxɔ nyatakaka aɖe si abia wò nenye be èdi be yeawɔ woƒe kɔpi. Zi Ɛ̃ dzi be nàna Watchtower Library nawɔ nu yeyeawo ƒe kɔpi ahada wo ɖi.

Wò Ŋutɔ Da Watchtower Library Dzi Nu Yeyewo Ði

Wò ŋutɔ àte ŋu azã nu yeye siwo va le wò kɔmpiutaa ƒe nudaɖoƒe la atsɔ ada nu yeyewo ɖe Watchtower Library dzi. Be nàkpɔ nu yeyetɔwo la, he nu yeyeawo tso Watchtower Library yeyetɔ si li la me alo zi wɔ eƒe kɔpi si le axa sia dzi.

He Nu Yeye Siwo Li

Zɔ ɖe mɔfiame siawo dzi nàwɔ nu yeyewo ƒe kɔpi da ɖi:

  1. Ʋu Watchtower Library, eye nàzi Mɔfiaƒe dzi, eyome zi Wò Ŋutɔ Wɔ Nu Yeyewo Ƒe Kɔpi eye nàtia Wɔ Nuawo Ƒe Kɔpi Da Ði.

  2. Tia teƒe si nàdi be yeada nuawo ƒe kɔpi si nèwɔ ƒe faɛl ɖo eye nàzi Save dzi. Watchtower Library ŋutɔ ana ŋkɔ nu yeye si ƒe kɔpi nèwɔ la ƒe faɛl eye “.updatepkg” adze le eƒe nuwuwu.

Wɔ Nu Yeye Siwo Va Ƒe Kɔpi

Zi Wɔ Eƒe Kɔpi si le ete la dzi ne nàkpɔe ɖa be Watchtower Library dzi nu yeye aɖewo va le mia degbe me hã. Ne eli la, wɔ eƒe kɔpi ne nàdzrae ɖo ɖe wò kɔmpiuta dzi.

Da Nu Yeyewo Ði

Be wò ŋutɔ nàda Watchtower Library dzi nu yeyewo ɖi la, zɔ ɖe mɔfiame siawo dzi:

  1. Ʋu Watchtower Library, eye nàzi Mɔfiaƒe dzi, eyome zi Wò Ŋutɔ Wɔ Nu Yeyewo Ƒe Kɔpi eye nàtia Da Nuawo Ði.

  2. Le wò kɔmpiuta ƒe nudaɖoƒe si ʋu me la, di faɛl si ƒe ŋkɔ wu enu kple “.updatepkg”. Tia faɛl la eye nazi Open dzi be nàda nu yeyewo ɖe Watchtower Library dzi.