Dzo kpo yi emenuwo dzi

JULY (SIAMLƆM) 16, 2015
GERMANY

Dziɖuɖumegãwo De Bubu Ŋutsu Aɖe Kple Via Ŋutsu Ŋu Le Esi Woɖe Ame Etɔ̃ Aɖewo Tso Ʋu Bidzo Me Ta

Dziɖuɖumegãwo De Bubu Ŋutsu Aɖe Kple Via Ŋutsu Ŋu Le Esi Woɖe Ame Etɔ̃ Aɖewo Tso Ʋu Bidzo Me Ta

Jorim, Christiane kple Andreas Bonk. Andreas nɔ kɔdzi le afɔku aɖe si wòdze le nudzɔdzɔ bubu aɖe me la ta le nunanaa xɔɣi.

SELTERS, Germany—Andreas Bonk, si nye Yehowa Ðasefo kple via ŋutsu Jorim nɔ ame siwo wona nunana tsɔ de bubu wo ŋu le April (Afɔfiɛ) 16, 2015 dzi le esi woɖe ame aɖewo ƒe agbe le ʋu aɖe si bi dzo me la ta. Wonaa nunana wo le nunanawɔna aɖe si me Baden-Württemberg Du si le Germany ƒe anyieheɣedzeƒe ƒe dudɔnunɔla si kpɔa dukɔmenyawo gbɔ kple dudzikpɔla eve siwo tso Obersulm kple Waiblingen, siwo nye du siwo me nunanaxɔlawo tso la, kpɔ gome le la me. Dudɔnunɔla si kpɔa Dukɔmenyawo gbɔ aƒetɔ Reinhold Gall (foto si le etame, etɔ̃lia tso ɖusime) tsɔ Baden-Württemberg Dua Ƒe Agbeɖeɖenunana (Lebensrettungsmedaille des Landes Baden-Württemberg) la na aƒetɔ Andreas Bonk. Aƒetɔ Bonk srɔ̃ Christiane (foto si le etame, domedome), xɔ nunana la le srɔ̃a ŋkɔ me, elabe ŋutsua dze afɔku le nudzɔdzɔ bubu aɖe me eye wòle kɔdzi le nunanaa xɔɣi. Le wɔna ma ke me la, Obersulm ƒe dudzikpɔla aƒetɔ Tilman Schmidt (foto si le etame, miame ɖaa), tsɔ Bubudeameŋu Ƒe Ðaseɖigbalẽ (Ehrungsurkunde) na Jorim Bonk (foto etametɔ, domedome).

Le May (Damɛ) 11, 2014 dzi la, Andreas kple Jorim Bonk tsɔ ʋu to ʋumɔ gã aɖe dzi ɖo ta Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe gã aɖe si me Andreas aƒo Biblia me nuƒo le. Esi wole mɔa dzi yina la, wova do go ɖe ʋufɔku dziŋɔ aɖe nu. Amerikatɔwo ƒe gbadagba ene aɖewo xaxa ɖe ʋu si mu ɖe axa ɖeka dzi henɔ bibim la me. Aƒetɔ Bonk kple via ŋutsua kple ame eve bubu aɖewo tɔ woƒe ʋuwo va ɖe wo le ʋu bidzo la me. Andreas de eƒe agbe afɔku me be yeaɖe gbadagba siawo le ʋu si nɔ bibim la me, enɔ edzi ʋuu va se ɖe esime dzotsilawo, kpovitɔwo kple dɔnɔkɔʋuwo va ɖo. Gake nublanuitɔe la, gbadagba ɖeka ƒe agbe tsi eme. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Sulmtaler Woche ka nya ta be Dudɔnunɔla Gall gblɔ na ameɖelawo be, “Miewɔ kalẽ, miewɔ ŋutsu eye miebu miaƒe agbe ŋu gɔ̃ hã o.” Dudzikpɔla Schmidt gblɔ kpee be, “Mí Obersulmtɔwo, míekpɔ ŋudzedze ɖe mia ŋu ŋutɔ.”

Foto si woɖe le afi si ʋufɔku la dzɔ le.

Aƒetɔ Andreas Bonk gblɔ nu si ʋãe wòwɔ nu kalẽtɔe ale: “Vevesese ɖe hanyevi ŋue ʋãm metɔ esi mekpɔ ʋu si dze afɔkua. Agbe ɖe sia ɖe xɔ asi le ŋkunyeme. . . . Meka ɖe edzi be ne esia tɔgbi dzɔ ɖe nye ƒometɔ aɖe dzi la, ame bubuwo akpɔ nublanui na wo ahado dzi akpe ɖe wo ŋu.” Aƒetɔ Jorim gblɔ kpee be, “Ele vevie be míagaŋlɔ ame siwo hiã tu la be o.”

Nunana ƒe wɔnaa yi edzi le Obersulm Dukpata me. Germaniatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye STIMME.de ka nya ta tso wɔnaa ŋu eye wògblɔ be Waiblingen ƒe dudzikpɔla aƒetɔ Andreas Hesky (foto etametɔ, evelia tso ɖusime), gblɔ be: “Ele be nu si miewɔ la nanye dada na mi. Enye dada na Waiblingen-dua be dumevi siawo tɔgbi le eme. Mienye kpɔɖeŋu nyui na dukɔmeviwo.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Germany: Wolfram Slupina, tel. +49 6483 41 3110