Dzo kpo yi emenuwo dzi

OCTOBER 2, 2019
TAJIKISTAN

Tajikistan Dziɖuɖua Bu Fɔ Nɔviŋutsu Shamil Khakimov Si Xɔ Ƒe 68 La Madzemadzee Heka Ƒe Adre Kple Afã Nɛ Be Wòatsɔ Anɔ Gaxɔ Me

Tajikistan Dziɖuɖua Bu Fɔ Nɔviŋutsu Shamil Khakimov Si Xɔ Ƒe 68 La Madzemadzee Heka Ƒe Adre Kple Afã Nɛ Be Wòatsɔ Anɔ Gaxɔ Me

Le September 10, 2019 dzi la, Khujand Dua ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Tajikistan la ka ƒe adre kple afã na Nɔviŋutsu Shamil Khakimov be wòatsɔ anɔ gaxɔ me, le esi wòƒo nu tso eƒe dzixɔsewo ŋu na amewo ko ta. Yehowa Ðasefowo le agbagba dzem be yewoana woagbugbɔ nyaa adrɔ̃.

Tso ƒe 2019 ƒe gɔmedzedze lɔƒo ye Nɔviŋutsu Khakimov ƒe fukpekpewo dze egɔme. Le February 26 dzi la, poliswo va lé Shamil si xɔ ƒe 68 hetso enu be ele “eƒom ɖe amewo nu be woalé fu subɔsubɔha bubu me tɔwo.” Emegbe ʋɔnudrɔ̃ƒea na wolée tu evɔ womedrɔ̃ ʋɔnui o, eye wodidi ɣeyiɣi si wolée tu la ɖe edzi wòxɔ ɣleti ade. Tsɔ kpe ɖe ale si wolé Nɔviŋutsu Khakimov de ga madzemadzee ŋu la, wowɔ dɔ nɛ eteƒe medidi o koe nye ema eye ʋusɔgbɔdɔ hã le eŋu.

Do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia la, wolé Daniil Islamov si xɔ ƒe 18 la le ƒe 2017 me heka ɣleti ade nɛ be wòatsɔ anɔ gaxɔ me, le esi wògbe be yemado asrafowu ahage ɖe asrafohaa me o ta; tso ema dzi la, womegalé Yehowa Ðasefo aɖeke de gaxɔ me kpɔ o va se ɖe esime wolé Nɔviŋutsu Khakimov. Fifia Tajikistan hã va le dukɔ atɔ̃ siwo lé Yehowa Ðasefo ɖeka ya teti de gaxɔ me la dome. Dukɔ ene susɔeawoe nye Eritrea, Russia, Singapore, kple Turkmenistan.

Míele gbe dom ɖa be Yehowa nayi edzi akpe ɖe Nɔviŋutsu Khakimov ŋu le go sia go me be wòado dzi le xaxa sia me.—Romatɔwo 15:5.