Dzo kpo yi emenuwo dzi

Wotsɔ Biblia Me Gbedeasia Yi Dziehenuto Saɖeagawo Me

Wotsɔ Biblia Me Gbedeasia Yi Dziehenuto Saɖeagawo Me

Le ƒe 2014 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa na mɔfiame be woawɔ ɖoɖo yeye aɖe si dzi woato ana Biblia me gbedeasia naɖo Dziehe Amerika kple Europa ƒe dziehenuto saɖeagawo me. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Le gɔmedzedzea me la, wotsɔ susu ɖo Alaska (Amerika), Lapland (Finland), Nunavut kple Canada ƒe Dzieheɣetoɖoƒe nuto tiatia aɖewo ko ŋu.

Ƒe bla nanewoe nye esia si Yehowa Ðasefowo yina ɖaɖea gbeƒã le nuto saɖeaga siawo me. Ke hã, ɣeyiɣi kpui aɖe koe woɖea gbeƒã le nuto mawo me gadzona, eye zi geɖea, Biblia srɔ̃gbalẽwo koe womana na amewo.

Le ɖoɖo yeye sia ya gome la, alɔdzedɔwɔƒe siwo kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo dzi le dziehenuto siawo me la kpe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela (mɔɖela) siwo lɔ̃ la be woayi aɖawɔ dɔ le nuto tiatia aɖewo me ɣleti etɔ̃ ya teti. Ne ame geɖe tsɔ ɖe le Biblia me gbedeasia me le nuto aɖe me la, gbeƒãɖelawo nɔa wo gbɔ wòdidina wu, eye wowɔa dutoƒokpekpewo gɔ̃ hã le afi ma.

Gake kuxi sesẽ aɖewo dzea ŋgɔ gbeƒãɖelawo le dziehenuto siawo me. Mɔɖela eve siwo woɖo ɖe Barrow, si le Alaska, dometɔ ɖeka tso California ƒe anyiehe, eye evelia tso Georgia. Esi woyi Barrow eye vuvɔŋɔli ɖo la, vuvɔa nu sẽ ale gbegbe be yame fana miamiamia wu tsikpe gɔ̃ hã (yame ƒe fafa te ŋu ɖiɖina abe Celsius -38 sɔŋ ene)! Ke hã, ɣleti ʋɛ aɖewo le woƒe afi ma yiyi mea, wote ŋu de aƒe ɖe sia ɖe kloe me, eye wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ame ene; ame siawo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye John. Wole Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa srɔ̃m kple eya kple eƒe ahiãvi, eye eƒoa nu tso nu siwo srɔ̃m wòle ŋu na exɔlɔ̃wo kple dɔwɔhatiwo. Ezãa JW Library dɔwɔnua hã le eƒe asitelefon dzi tsɔ xlẽa gbe sia gbe mawunyakpukpuia le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe gbalẽvia me.

Rankin Inlet nye kɔƒedu sue aɖe le Canada ƒe nuto saɖeaga si nye Nunavut me, gake lɔrimɔ aɖeke meyi afi ma o. Eya ta mɔɖela eve ɖo yameʋu yi afi ma hedze Biblia sɔsrɔ̃ kple ame geɖe. Esi woɖe video si nye Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me? na ŋutsu aɖe vɔ la, ebia wo be ɣekaɣie woava tu Fiaɖuƒe Akpata ɖe yewoƒe nutoa me hã. Egblɔ kpee be, “Ne mègale afi sia hafi mietui la, mava kpekpeawo godoo.”

Mɔɖela siwo woɖo ɖe Savukoski (si le Finland), afi si lã wɔadã si nye kpagbadzoɖekɛ sɔ gbɔ le wu amewo abe zi gbɔ zi ewo ene la, ka nya ta be: “Vuvɔ nu sẽ le afi sia ŋutɔ, eye sno dzana eteƒe mekɔ o.” Gake wogblɔ be ɣeyiɣi si yewova ɖo la sɔ ŋutɔ. Nu ka tae? Woka nya ta be, “Míete ŋu kpe anyigbamamawo ɖo nyuie. Amewo ɖe sno ɖa le mɔ siwo wotona yia kɔƒeawo kple nuto saɖeagawo me la dzi, eye mɔawo nɔ nɔnɔme nyui me. Vuvɔa wɔe be míetua ame geɖewo le aƒe me.”

Agbagba si dzem míele be míagblɔ Biblia me nyateƒea na amewo le dziehenuto saɖeaga siawo me la wɔ dɔ ɖe amewo dzi. Esi mɔɖela eve yi Alaska dugã aɖe me eye woɖe gbeƒã na dudzikpɔlaa la, eŋlɔ nya nyui aɖe tso woƒe Biblia me dzeɖoɖoa ŋu da ɖe eƒe internet dzi hahokadoƒe, eye wòtsɔ trakt si ƒe tanyae nye Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La? si wogblẽ ɖe egbɔ la ƒe foto kpe ɖe nu si wòŋlɔ ŋu.

Le Haines (si le Alaska) la, mɔɖela eve kpe ame siwo ade enyi va woƒe kpekpe siwo wowɔna le dua ƒe agbalẽdzraɖoƒe; emegbea, nutoa me nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be ŋutsu eve siwo tso Texas kple North Carolina wole dua me le Biblia srɔ̃m kple amewo le woawo ŋutɔ ƒe aƒewo me. Nyadzɔdzɔgbalẽa ƒo eta be: “Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nya sia ŋu la, yi jw.org.”