Dzo kpo yi emenuwo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

“Biabia Geɖewo Nɔ Asinye Siwo Nyemekpɔ Ŋuɖoɖo Na O”

“Biabia Geɖewo Nɔ Asinye Siwo Nyemekpɔ Ŋuɖoɖo Na O”
  • Ƒe Si Me Wodzii: 1976

  • Dukɔ Si Me Wòtso: Honduras

  • Ame Si Wònye Tsã: Tsɔtsi aɖe ƒe pastɔ

NYE ŊUTINYA

 Wodzim le La Ceiba, Honduras. Mí ame atɔ̃ ye wodzi, nyee nye ɖevitɔ, eye nye koe nye ŋutsuvi le wo dome. Nye ɖeka hã koe nye tokunɔ le ƒomea me. Míaƒe ƒomea nɔ nuto aɖe si me nu vlo wɔwɔ xɔ aƒe ɖo la me, eye míeda ahe kolikoli. Agbea gava sesẽ ɖe edzi na mí wu esi tɔnye ku le afɔku aɖe me le dɔme esime mexɔ abe ƒe ene ene.

 Nɔnye wɔ eƒe ŋutete katã be yeakpɔ nye kple daanyewo dzi, gake esesẽna nɛ ŋutɔ be wòakpɔ ga aƒle awu nam. Zi geɖe la, vuvɔ wɔnam ne tsi dzi, elabena vuvɔmewuwo menɔ asinye o.

 Esi menɔ tsitsim la, mesrɔ̃ Honduras Tokunɔgbe, si wɔe be metea ŋu ɖoa dze kple tokunɔ bubuwo. Gake nɔnye kple nɔvinyeawo menya Honduras Tokunɔgbea o, eya ta, asiwɔwɔ ɖe nya dzi ƒe dzesi ʋɛ aɖewo siwo woawo ŋutɔwo woto vɛ koe wozãna tsɔ ɖoa dze kplim. Gake nɔnye lɔ̃m, eye ekpɔa tanye ale be manɔ dedie. Togbɔ be nɔnye mese tokunɔgbea tututu o hã la, exlɔ̃a num be maƒo asa na nu gbegblẽwo abe sigaretnono kple aha tsu nono ene. Esia ta, edzɔ dzi nam ŋutɔ be nyemeƒo ɖokuinye ɖe nuwɔna gbegblẽ mawo dometɔ aɖeke me esime menɔ tsitsim o.

 Esime menye ɖevi la, nɔnye kplɔam míedea Katolikotɔwo ƒe tsɔtsi, gake nyemesea naneke gɔme o, elabena ame aɖeke meɖea nyawo gɔme ɖe tokunɔgbe me nam o. Sɔlemedede va tsim ale gbegbe be medzudzɔ esime mexɔ ƒe ewo. Gake meganɔ didim kokoko be manya nu geɖe tso Mawu ŋu.

 Le ƒe 1999 me, esime mexɔ ƒe 23 la, medo go nyɔnu aɖe si tso Amerika, si nye evangelika sɔlemeha aɖe me tɔ. Esrɔ̃ Biblia kplim eye wòfiam Amerika Tokunɔgbe hã. Nu siwo mesrɔ̃ tso Biblia me la dzɔ dzi nam ale gbegbe be, metso nya me be mazu pastɔ. Eya ta, meʋu yi Puerto Rico ɖade suku aɖe si me wofiaa nu tokunɔwo le be woava nye mawunyagblɔlawo. Esi metrɔ gbɔ va La Ceiba le ƒe 2002 me la, xɔ̃nye aɖewo kpe ɖe ŋunye meɖo tokunɔwo ƒe tsɔtsi aɖe. Xɔ̃nye siawo dometɔ ɖeka, si ŋkɔe nye Patricia la, va zu srɔ̃nye emegbe.

 Esi wònye be nyee nye pastɔ le míaƒe tsɔtsia me ta la, megblɔa mawunya le Honduras Tokunɔgbe me, eye metsɔa Biblia me ŋutinyawo ƒe nɔnɔmetatawo fiaa hameviawo, eye míewɔa ŋutinyawo ƒe wɔwɔfiawo hã ale be tokunɔwo nate ŋu ase nyawo gɔme. Azɔ̃ hã, meyina ɖasrãa tokunɔwo kpɔ le du siwo te ɖe mía ŋu la me be made dzi ƒo na wo ahakpe ɖe wo ŋu woakpɔ woƒe kuxiwo gbɔ. Mede mawunyadɔ gbe le Amerika kple Zambia gɔ̃ hã. Gake le nyateƒe me la, nyemenya nu boo aɖeke tso Biblia me o. Nu siwo amewo fiam kple ale si mese Biblia me ŋutinyawo ƒe nɔnɔmetatawo gɔme koe nye hã mefiaa amewo. Le nyateƒe me la, biabia geɖewo nɔ asinye siwo nyemekpɔ ŋuɖoɖo na o.

 Eva dzɔ be nye tsɔtsia me tɔ aɖewo va nɔ alakpanyawo kakam tso ŋunye. Wonɔ gbɔgblɔm be menye aha tsu nola eye be mewɔ ahasi. Esia te ɖe dzinye ŋutɔ, eye dzi kum vevie. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nye kple Patricia míedo le tsɔtsia me.

 ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ

 Tso ɣeaɖeɣi ke la, Yehowa Ðasefowo vaa nye kple Patricia gbɔ, gake míelɔ̃na ɖoa to wo gbeɖe o. Ke hã, esi míedo le míaƒe tsɔtsia me vɔ megbe la, Patricia va lɔ̃ be Ðasefo atsu kple asi aɖe, siwo ŋkɔwoe nye Thomas kple Liccy, la nava nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye. Ewɔ nuku nam be togbɔ be womenye tokunɔwo o hã la, wonya tokunɔgbea. Eya ta, eteƒe medidi o, nye hã meva kpe ɖe Patricia ŋu míenɔ nua srɔ̃m.

 Míezã Amerika Tokunɔgbe me videowo tsɔ srɔ̃ Biblia ɣleti aɖewo. Gake esi mía xɔlɔ̃ aɖewo va tso Yehowa Ðasefowo nu be amegbetɔwo yomedzelawoe wonye la, míedzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃. Togbɔ be Thomas va tsɔ nu siwo ɖo kpe edzi be menye kplɔla siwo nye amegbetɔwo la yomee Yehowa Ðasefowo dze o fiam hã la, nyemexɔe se o.

 Ɣleti aɖewo megbe, esi blanuiléledɔ sesẽ aɖe ɖe fu na Patricia la, edo gbe ɖa na Mawu be wòana Yehowa Ðasefowo nagava ye gbɔ ake. Esia megbe kpuie la, aƒelika aɖe si nye Yehowa Ðasefo la va srã Patricia kpɔ, eye wògblɔ nɛ be yeagblɔ na Liccy be wòava srãe kpɔ. Liccy ɖee fia be xɔlɔ̃ nyui ye yenye vavã. Evaa Patricia gbɔ kwasiɖa sia kwasiɖa va dea dzi ƒo nɛ hesrɔ̃a Biblia kplii. Gake eganɔ sesẽm nam kokoko be maka ɖe Ðasefoawo dzi.

 Le ƒe 2012 me la, Yehowa Ðasefowo wɔ gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ aɖe. Le gbeƒãɖeɖedɔ ma me la, woma Honduras Tokunɔgbe me video si le DVD dzi, si ƒe tanyae nye Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa? na tokunɔwo. Liccy va na video ma ƒe ɖeka mí. Esi mekpɔ videoa la, nye nu ku esi meva kpɔe be nu siwo mefia amewo va yi la dometɔ geɖe, abe dzo mavɔ kple luʋɔ makumaku ƒe nufiafiawo ene la, metso Biblia me o.

 Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, meyi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpataa me ɖaƒo nu kple Thomas. Megblɔ nɛ be medi be mafia Biblia me nyateƒea tokunɔwo, gake menye abe Yehowa Ðasefo ene o. Nye susue nye be maɖo nye ŋutɔ nye tsɔtsi bubu na tokunɔwo. Thomas kafum ɖe dzo yeye si ɖo menye la ta, gake etsɔ nya si le Efesotɔwo 4:5 la fiam. Afi ma te gbe ɖe edzi be, ehiã be nyateƒe Kristotɔwo ƒe hame la nawɔ ɖeka.

 Thomas gatsɔ Amerika Tokunɔgbe me video bubu aɖe si ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la nam (Jehovah’s Witnesses—Faith in Action, Part 1: Out of Darkness [Les Témoins de Jéhovah— La foi en action, 1re partie : La sortie des ténèbres]). Ale si ƒuƒoƒo sue aɖe dzro Biblia me veviedodotɔe be yewoase Biblia me nyateƒea ŋuti nufiafia veviwo gɔme la ŋutie videoa ku ɖo. Esime menɔ videoa kpɔm la, mese ale si ƒuƒoƒo ma me tɔwo se le wo ɖokuiwo me la gɔme. Nye hã menɔ nyateƒea dim abe woawo ke ene. Video ma na meka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowoe fiaa nyateƒea, elabena Biblia dzi koe wotu woƒe dzixɔsewo katã ɖo. Eya ta, megayi nye Biblia sɔsrɔ̃a dzi, eye le ƒe 2014 me la, nye kple Patricia míexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo.

 VIÐE SIWO MEKPƆ

 Melɔ̃ Yehowa Ðasefowo ƒe hamea, elabe wole dzadzɛ, abe ale si Mawu le kɔkɔe ene. Woƒe dzadzɛnyenyea dzena le woƒe nuƒoƒo kpakple ale si wowɔa nu ɖe wo nɔewo ŋui me. Wonye ŋutifafamewo eye wodea dzi ƒo na wo nɔewo. Ðekawɔwɔ le Ðasefowo dome, eye dukɔ ka me woɖatso o, gbegbɔgblɔ ka kee woɖadona o, wo katã wofiaa Biblia me nyateƒe mawo ke.

 Biblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ do dzidzɔ nam ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, mesrɔ̃e be Yehowa ye nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, eye eyae nye Dziɖulagã si ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi. Elɔ̃ tokunɔwo kple ame siwo tea ŋu sea nu siaa. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be menyae be Mawu lɔ̃m. Mesrɔ̃e hã be anyigba azu paradiso nyui aɖe eye mɔkpɔkpɔ li be míava nɔ agbe tegbee le lãmesẽ deblibo me. Mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me ŋugbedodo mawo ava eme la vevie!

 Edzɔa dzi na nye kple Patricia ŋutɔ be míafia Biblia tokunɔ bubuwo hã. Eye míele Biblia srɔ̃m kple tsɔtsi si me míenɔ tsã la me tɔ aɖewo fifia. Esime menye pastɔ la, biabiawo nɔ asinye ku ɖe nu siwo mefiana ŋu, gake fifia ya megale nenema o. Esi melɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kplim ta la, esia wɔe be meva kpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo katã nɔ asinye la mlɔeba.