Dzo kpo yi emenuwo dzi

Tenɔnɔ Ðe Nɔnɔme Sesẽwo Nu

Yehowa Ðasefowo kpɔe be yewoate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me ne dɔléle kple lãmesẽkuxi sesẽwo le fu ɖem na yewo gɔ̃ hã.

“Yehowa Xɔ Mí Ðe Agbe”

Mɔkpɔkpɔ bu ɖe Sowbhagya ale gbegbe be eɖoe be yeaɖe ye kple ye vi nyɔnuvia ƒe agbe ɖa. Nu kae kpe ɖe eŋu wòtrɔ susu eye mɔkpɔkpɔ gava su esi?

DeJanerio Brown: Eƒe Dzi Gbã, Gake Megbɔdzɔ O

Aleke Yehowa kpena ɖe ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo le vome la ŋui?

Ekpena Ðe Amewo Ŋu Togbɔ Be Lãmesẽnyawo Ðea Fu Nɛ Hã

Aleke Maria Lúcia te ŋu kpena ɖe amewo ŋu togbɔ be enye tokunɔ kple ŋkunɔ hã?

Woyi Edzi Yehowa Subɔm Le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me

Mía nɔvi siwo le Venezuela yi edzi le vevie dom gbeƒãɖeɖedɔa eye wonye ‘ame siwo va zu akɔfafa gã aɖe’ tsoƒe na wo nɔewo.

Efa Akɔ Na Amewo Togbɔ Be Enɔ Dɔ Lém Hã

Esi Clodean medi be yealé blanui o ta, edo gbe ɖa na Mawu be wòado ŋusẽ ye yeate ŋu afa akɔ na ame bubuwo.

Enɔ Te Sesĩe Togbɔ Be Ele Kuxi Sesẽ Aɖe Me Hã

Virginia le gbagbadɔ lém 23 sɔŋ ye nye esia. Gake mɔkpɔkpɔ si le esi ku ɖe etsɔme ŋu la faa akɔ nɛ eye wònaa eƒe dzi dzea eme.

Mawu Subɔsubɔ Ye Nye Eƒe Atike!

Wodzi Onesmus kple lãmeƒu masemasẽ dɔ, alo lãmeƒu siwo ŋena bɔbɔe ƒe dɔléle. Aleke Mawu ƒe ŋugbedodo siwo le Biblia me de dzi ƒo nɛ?

Megbɔdzɔ Gake Ŋusẽ Le Ŋunye

Mawu na “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la nyɔnu aɖe si tsi bunɔkeke me la le eƒe xɔse ta.

Yehowa Ve Nunye Ŋutɔ

Félix Alarcón dze afɔku vevie esime wònɔ dzokeke dzi, si wɔe be wòtu tso eƒe kɔ va ɖo afɔ gbɔ. Esia megbe la, eva ke ɖe tameɖoɖo vavã si le agbe ŋu la ŋu.

Mɔkpɔkpɔ Su Asinye Esime Mehiãe Vevie Wu

Esi Miklós Aleksza xɔ ƒe 20 la, edze afɔku dziŋɔ aɖe hezu wɔametɔ. Aleke Biblia kpe ɖe eŋu etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe su esi?

Nye Asiwo Metsɔ Kpɔa Nui

James Ryan, si nye Yehowa Ðasefo la, nye tokunɔ tso eƒe dzigbe, eye eƒe ŋkuwo hã va gbã emegbe. Nu kae na wòva le dzidzɔ kpɔm le agbe me?

Togbɔ Be Menye Tokunɔ Hã, Esia Mexe Mɔ Nam Be Nyemeɖe Gbeƒã Na Amewo O

Togbɔ be Walter Markin nye tokunɔ hã, ele dzidzɔ kpɔm le Yehowa Mawu subɔsubɔ me eye wòkpɔ dzidzeme geɖe.

Jairo Ƒe Ŋkuwoe Kpena Ðe Eŋu Wòsubɔa Mawu

Togbɔ be Jairo le fu kpem le dɔléle si nye cerebral palsy ƒe sesẽtɔ si me hã, ekpɔtɔ nye dzidzɔme eye taɖodzinu le eƒe agbe ŋu.

Esrɔ̃ Biblia Me Nyateƒea Togbɔ Be Asiwo Kple Abɔwo Mele Esi O Hã

Ðevi aɖe dze afɔku vevie gake eva kpɔ nu si tae wòle be wòaxɔ Wɔla la dzi ase.

“Nyemeɖe Mɔ Nye Dɔlélea Kpe Dzinye O”

Nu kae do ŋusẽ Elisa wòdo dzi nɔ te ɖe dɔ mavɔleameŋu nu eye wòŋlɔa eƒe dɔlélea be ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã?

Elé Eƒe Dzixɔse Me Ðe Asi Sesĩe

Song Hee Kang te ŋu nɔ te ɖe lãmesẽkuxi sesẽ aɖe nu dzidzedzetɔe esime wòxɔ ƒe 14 pɛ ko.