Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Mezãa Atitsoga Le Tadedeagu Me O?

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Mezãa Atitsoga Le Tadedeagu Me O?

 Ame geɖewo bua atitsoga be enye Kristotɔ siwo le xexea me godoo la ƒe dzesi. Togbɔ be Kristotɔwoe mí Yehowa Ðasefowo míenye hã la, míezãa atitsoga le míaƒe tadedeagu me o. Nu ka tae?

 Nu si tae nye be Biblia ɖee fia be Yesu meku le atitsoga ŋu o, ke boŋ ati tsralaa ŋutie wòku ɖo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo vevie be woasi “le trɔ̃subɔsubɔ” nu, esia fia hã be womazã atitsoga le woƒe tadedeagu me o.​—1 Korintotɔwo 10:​14; 1 Yohanes 5:21.

 Eɖe dzesi ŋutɔ be Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:​34, 35) Yesu ƒe nya siawo fia be menye atitsoga alo nɔnɔmetata aɖee wotsɔ dea dzesi eyomedzela vavãwo o, ke boŋ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃e.