Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa?

Nu Kae Nye Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa?

 Woɖo Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ (Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania) si le Pennsylvania le ƒe 1884 me le Pennsylvania si le United States (États-Unis) ƒe sewo nu, eye menye asitsahae wònye o. Yehowa Ðasefowo zãa dɔwɔha sia tsɔ kpea asi ɖe woƒe dɔwo ŋu le xexea me godoo. Dɔ siawo dometɔ aɖewoe nye Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata.

 Le dɔwɔha sia ƒe ɖoɖo nu la, eƒe taɖodzinuwoe nye “mawusubɔsubɔ, nufiafia kple kpekpeɖeŋunana dɔwo wɔwɔ” vevietɔ “be wòaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo ƒe kpɔkplɔ te la ŋuti nya nyuia ahafiae amewo.” Ðe wotiaa amewo be woava nye dɔwɔha sia me tɔwo, menye ga agbɔsɔsɔ si wodzɔna dzie wonɔa te ɖo tiaa wo o. Dɔwɔha sia me tɔwo kple woƒe dɔdzikpɔlawo kpea asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa ŋu.

Dɔwɔha Nɔsenu Bubu Siwo Wozãna

 To vovo na Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa la, Yehowa Ðasefowo gazãa dɔwɔha nɔsenu geɖewo le du vovovowo me. “Watch Tower” alo “Watchtower” loo alo woƒe gɔmeɖeɖe dzena le dɔwɔha siawo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔ me.

 Dɔwɔha nɔsenu geɖe siawo ɖe vi geɖe tso esime woɖo wo, woƒe viɖeawo dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna:

  •   Agbalẽŋɔŋlɔ Kple Agbalẽtata. Míeta Biblia miliɔn 220 kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo ade miliɔn 40,000 le gbegbɔgblɔ 700 kple edzivɔwo me. Amewo xlẽa Biblia le míaƒe internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org femaxee le gbegbɔgblɔ siwo wu 120 me, eye wokpɔa Biblia me nyabiase geɖe siwo dometɔ ɖekae nye “Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la?” ƒe ŋuɖoɖowo le afi ma.

  •   Nufiafia. Míeɖo suku geɖewo hena Biblia la fiafia. Le kpɔɖeŋu me, tso ƒe 1943 me la, Yehowa Ðasefo 8,000 kple edzivɔwo xɔ hehe tɔxɛ le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku, eye suku sia delawo dometɔ aɖewo zu dutanyanyuigblɔlawo, eye bubuwo hã kpea asi aɖe míaƒe xexea me katã ƒe dɔa ŋu wòlia ke nyuie. Eye kwasiɖa sia kwasiɖa la, ame miliɔn geɖe siwo dometɔ aɖewo menye Yehowa Ðasefowo o la xɔa mɔfiame le kpekpe siwo míewɔna le míaƒe hamewo me la me. Míeɖo nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ sɔsrɔ̃ ƒe sukuwo hã, eye míeta agbalẽ aɖe si kpena ɖe amewo ŋu wosrɔ̃a nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ, si le gbegbɔgblɔ 110 me.

  •   Kpekpeɖeŋunana. Míenaa ŋutilãmekpekpeɖeŋu ame siwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo, eɖanye dzɔdzɔmefɔkuwo abe anyigba si ʋuʋu le Haiti le ƒe 2010 me loo alo esiwo tsoa amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo gbɔ abe dukɔmeviʋa si dzɔ le Rwanda le ƒe 1994 me si me wotsrɔ̃ ame gbogbo aɖewo le ye o.

 Togbɔ be míezãa dɔwɔha nɔsenu siawo tsɔ wɔa dɔ geɖe hã la, míaƒe dɔa menɔ te ɖe wo dometɔ aɖeke dzi o. Agba le Kristotɔ ɖe sia ɖe dzi be wòawɔ ɖe se si Mawu de be míaɖe gbeƒã nya nyuia ahafiae amewo la dzi. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Míeka ɖe edzi be Mawu le megbe na míaƒe dɔa, eye ana dɔa ‘natsi’ ɖe edzi.—1 Korintotɔwo 3:6, 7.