Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Wòle Be Mava Zu Yehowa Ðasefo Kokoko Ne Wole Biblia Srɔ̃m Kplima?

Ðe Wòle Be Mava Zu Yehowa Ðasefo Kokoko Ne Wole Biblia Srɔ̃m Kplima?

 Ao, ame aɖeke mazi dziwò le mɔ aɖeke nu o. Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kple ame miliɔn geɖe, gake menye wo katãe va zua Yehowa Ðasefowo a o. Susu si tae míesrɔ̃a Biblia kple amewoe nye be míana woanya nu si Biblia fia. Ekpo ɖe amea ŋutɔ gbɔ be wòatso nya me le nu si wòva nya ŋu. Míenya be ame ŋutɔe atso nya me le nu si dzi wòaxɔ ase ŋu.—Yosua 24:15.

Ðe mate ŋu azã nye ŋutɔ nye Biblia ne wole nu srɔ̃m kplima?

 Ɛ̃. Togbɔ be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si gɔmesese le bɔbɔe zazã dzɔa dzi na mí, eye míate ŋu ana ɖeka wò faa ne èdii hã la, àte ŋu azã wò ŋutɔ wò Biblia faa. Elabe àte ŋu asrɔ̃ nu tso mɔkpɔkpɔ kple ɖeɖekpɔkpɔ ŋu le Biblia gɔmeɖeɖe ɖe sia ɖe kloe me.

Nu ka tae mieyia edzi srɔ̃a nu kple ame siwo meva zua Yehowa Ðasefowo o?

  •   Nu si koŋ ʋãa mí ye nye lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa Mawu, ame si di be Kristotɔwo nafia nu siwo wosrɔ̃ la ame bubuwo. (Mateo 22:37, 38; 28:19, 20) Míekpɔe be mɔnukpɔkpɔ aɖeke mesɔ kple esia o be míanye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” akpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nu si eƒe Nyaa fia.—1 Korintotɔwo 3:6-9.

  •   Lɔlɔ̃ si le mía si na mía haviwo hã ʋãa mí. (Mateo 22:39) Dzi dzɔa mí ŋutɔ ne míegblɔ nu dodzidzɔname siwo míesrɔ̃ la na amewo.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

a Le ƒe 2023 me la, míewɔ Biblia nusɔsrɔ̃ 7,281,212 ɣleti sia ɣleti, eye ɣeaɖewoɣi la, ame geɖe te ŋu nɔa Biblia nusɔsrɔ̃ ɖeka me. Ke hã, ame 269,517 koe xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo le ƒe ma me.