Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔe Se Be Yewoƒe Subɔsubɔhae Nye Vavãtɔa?

Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔe Se Be Yewoƒe Subɔsubɔhae Nye Vavãtɔa?

 Ele be ame siwo doa vevie mawusubɔsubɔ naxɔe ase be subɔsubɔha si yewotia la dzea Mawu kple Yesu ŋu. Ne mele nenema o la, ke nu ka tae wòle be woanɔ subɔsubɔha ma me?

 Yesu Kristo meda asi ɖe nya si amewo gblɔna be subɔsubɔha geɖewo alo mɔ geɖewoe li, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe kplɔa ame yia ɖeɖekpɔkpɔ me la dzi o. Ðe wògblɔ boŋ be: “Agbo la le biie, eye mɔ si kplɔa ame yia agbe me la xaxa, eye ame ʋɛ aɖewo koe nye ame siwo kpɔnɛ.” (Mateo 7:​14) Yehowa Ðasefowo xɔe se be yewoke ɖe mɔ ma ŋu. Ðe menye nenema o la, anye ne wodi bubu ƒe mɔ xoxoxo.